Nya Ɣaɣla Siwo Woɖe FIA



Kaba le Nɔviŋutsu Branham ƒe subɔsubɔdɔ me la nua me va kɔ kɔtɛ bena kɔmahatsɔŋkɔ ƒe nuɖoanyiwo la ɖe woɖo wo anyi ko be woado subɔsubɔ habɔbɔwo ɖe ŋgɔ, ke menye Nyanyui vavã la o. Nɔviŋutsu Branham xɔ Biblia ƒe Nya ɖesiaɖe dzi se, eye mewɔa kpɔwɔe le eŋu o neganye be esia ana be eƒe dɔwɔhatiwo, xɔlɔ̃wo alo ƒometɔwo nagbe nu le egbɔ hã.

Tso esime wònye hametɔ le Baptiste Dɔgbedeawo ƒe Hamea me la, wobia tso esi be wòaɖo nyɔnu osɔfoe. Gake, eyama nya Ŋɔŋlɔwo nyuie wu ema. Timoteo I 2:12 gblɔ kɔtɛ bena, “Ke nyemeɖe mɔ na nyɔnu be woafia nu, eye woaɖu ŋutsu dzi o, ke boŋ wòalé eɖokui kpoo,” eye Korintotɔwo I 14:34 gblɔ bena, “Miaƒe nyɔnuwo nazi ɖoɖoe le takpekpewo me: elabena womeɖe mɔ na wo bena woaƒo nu o…” Esia menye tsitretsitsi ɖe nyɔnuwo ŋu o, ke boŋ Biblia ƒe nya me kɔ nyuie ɤia ɖe yibɔa dzi le tanya sia ŋuti. Esi wonae mɔnukpɔkpɔ mamle la, mete ŋu wɔ kpɔwɔe le eŋu o eyata edo go le hamea me.

Ke menye Ŋɔŋlɔ ma ɖeɖe koe kɔmahatsɔŋkɔwo metsɔ ɖe le eme na o. Aƒetɔ ɖe nyateƒe si kuɖe nyɔnyrɔ̃ ŋuti la fia Nɔviŋutsu Branham. Aleke Yesu nade se be, “Miheyi, ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo, mianyrɔ̃ wo ɖe Fofo la, kple Vi la, kpakple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me,” evɔ wònye be nyɔnyrɔ̃ ɖesiaɖe si woŋlɔ ɖe Biblia me la wowɔe le Yesu ƒe Ŋkɔ me mahã? Apostolo Petro de se le Dɔwɔwɔwo 2:38 bena Mitrɔ le miaƒe dziwo me eye woanyrɔ̃ mi le Yesu Kristo ƒe Ŋkɔ me. Ŋɔŋlɔawo sɔ ɖe wo nɔewo nu pɛpɛpɛ, ke ehiã nyagblɔɖila be woaɖe nyaɤaɤla sia afia: “Fofo” menye ŋkɔ o, “Vi” menye ŋkɔ o, eye “Gbɔgbɔ Kɔkɔe” menye ŋkɔ o. Esɔ kple alesi ame ɖeka anye fofo na viawo, aganye vi na edzilawo, kpakple nɔviŋutsu na nɔviawo, gake eƒe ŋkɔ menye “fofo,” “vi,” alo “nɔviŋutsu” o. Fofo, Vi, kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe wonye bubuŋkɔwo na Ŋkɔ Yesu Kristo. Mateo 28:19 kple Dɔwɔwɔwo 2:38 woɖo ɖe fli me pɛpɛpɛ.

Gɔmedzedze nuvɔ̃ le Eden Bɔa me ŋutɔ hã woɖee fia be, menye atikutsetse ɖuɖue kura o, ke boŋ nane si dzɔvɔ̃ wu ema. Aleke atikutsetse ɖeka ɖuɖu nate ŋu ana be Adam kple Eve nanya be yewole amama ɖo? Gɔmesese mele nya ma si kura o. Nuka yevutɔ ɖo awɔ le amamanɔnɔ me? Mawu ƒe nyagblɔɖila ɖe nya ɤaɤla sia fia eme kɔ.

Amekawoe nye dɔla siwo ƒe nya wogblɔ le Nyaɖeɖefia ta 2 kple 3 me? Woƒe ŋkɔwo ate ŋu anye esiwo amesiame nya.

Amekawoe nye amlima sɔdolawo siwo le Nyaɖeɖefia ta 6 me? Nu vevie ɖeka le wo katã si.

Ɖe wode dzesi Amerika Dukɔƒoƒuwo ɖe Nyaɖeɖefia ƒe Agbalẽ mea?

Amekawoe nye ame 144,000 siwoe kpɔ ɖeɖe le Nyaɖeɖefia 7 me?

Amekae nye gbologã si le ta 17 me? Amesi wònye la kpakple nya ɤaɤla siawo katã la woɖe wo fia le nyagblɔɖila sẽsẽ sia si Mawu dɔ ɖa la ƒe Gbedeasi me.

Menye be esi nukunu siwo womate ŋu axlẽ o la dze ŋutsua yome ɖeɖeko ta o, ke boŋ nyaɤaɤla siwo le ɤaɤla le Biblia me le agbenɔɤiawo katã me la woɖe wo fia le eƒe subɔsubɔdɔ me. Eme kɔ ƒã azɔ bena nyagblɔɖila sia wu Ŋɔŋlɔ geɖewo nu tsɔwu Maleaxi 3.

Nyaɖeɖefia 10:7: Ke boŋ le mawudɔla adrelia ƒe gbeɖeɖeŋkekewo me, esime wòaku kpẽ la, woawu Mawu ƒe nya ɤaɤla la nu le nyanyuie si wogblɔ fia eƒe dɔla siwo nye nyagblɔɖilao la nu.

Gbea ɖe le ɤli dom na xexeame be woado go le kɔmahatsɔŋkɔwo me eye woatrɔ va Mawu ƒe Nya vavãtɔa gbɔ. Mía dometɔ ɖesiaɖe la gomekpɔkpɔ ma ke su esi abe Petro, Yakobo, kple Yohanes ene. Gomekpɔkpɔ ɖeka ma ke su míawo hã si be woaxlẽ mí ɖe Mawu ƒe ame tiatia ʋee siwo gbe be yewomele ta de ge agu na subɔsubɔ ƒe ɖoɖowɔhawo siwo nɔ anyi le wo ŋɔli o la dome.

Ŋɔŋlɔ Kɔkɔewo tɔ asi ame kɔkɔewo dzi amesiwo zɔ kple Mawu eye Eƒe Gbɔgbɔ la si ami na wo ale gbegbe bena ne wogblɔ be ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI la, dzesi kple nukunu madamadawo ɖoa kpe woƒe nyawo dzi. Wonye Mawu ƒe nyagblɔɖilawo, kpakple Mawu ƒe Gbe na woƒe dzidzimea.

Ɖe ɤeyiɤi sia to vovo na ɤeyiɤi si me Yesu nɔ afisiaa? Subɔsubɔwo ƒe nunɔlawoe klã Eyama. Nusrɔ̃lawo ƒe xexlẽme mesɔgbɔ de naneke le ameha gã la dome o. Woɖe wo ɖe aga, woɖu fewu le wo ŋu, eye ɤeaɖewoɤi gɔ̃ hã wowua wo le esi wotsi tre ɖe kɔmahatsɔŋkɔ gãtɔa ƒe nuɖoanyi la ŋuti ta. Ate ŋu anye be womawu míawo ya ɖe míaƒe xɔse ta egbe o, gake míakpɔ yometiti godoo. Abe Farisitɔwo kple Zadukitɔwo ene la, womate ŋu agbe nukunu siwo kplɔ Nɔviŋutsu Branham ƒe subɔsubɔdɔ la ɖo o eyata wotrɔ ɖe gedidi bubu ƒomeviwo ŋu. Miate ŋu ase woagblɔ bena enye aʋatso nyagblɔɖila, kɔmamãtɔwo ƒe amegã, alo esiwo gavlo wu emawo ŋutɔ hã. Le nyateƒe me la, enye Mawu ƒe ame si bɔbɔ eɖokui henɔ tsitre kplikpaa ɖe amedziɖuɖu sesĩe si kɔmahatsɔŋkɔwo kple kɔnyinyiwo tsɔ le Mawu ƒe dukɔ la dzi ɖumee la ŋu. Nenema ke wotso ɖe Yesu ŋu esime wotsi tsitre ɖe Woƒe nuɖoanyiwo kple kɔnuwo ŋu.

Mawu de bubu Nɔviŋutsu Branham ƒe lɔlɔ̃nu be yeaxɔ Nya ɖesiaɖe le Biblia me dzi ase la ŋu, ale Wòle eƒe subɔsubɔdɔ la zam hele luʋɔ akpe akpe nanewo kplɔm vɛ na Yesu Kristo. Egbe la, Dɔla Adrẽlia ƒe Gbe le ɖiɖim sesĩe wu alesi Wòɖi tsã. Ame abe million eve sinu xɔ Nɔviŋutsu Branham ƒe Gbedeasi la dzi se le xexeame ƒe afisiafi. Ame xexlẽme sia ate ŋu anɔ ʋee ko le ame billion eve siwo be yewonye Kristo subɔlawo egbe la ŋku me, ke ɤekaɤie Mawu tɔwo ƒe xexlẽme menɔ ʋee o mahã?

Mawunya léléɖiwo le míasi wu 1,200 siwo nye Gbe si ŋuti wogblɔ nya ɖi le le Nyaɖeɖefia10:7 me be ava la. Mawunyaawo dometɔ ɖesiaɖe ʋu Mawu ƒe nyaɤaɤla geɖe bubuwo ɖe go. Gbe ma le asitsɔƒe nawò ne èdi be yease Esia.

 

WÒE ATIA

Meva me ɤea ɖeke ɤi kpɔ be mehe gbedeasi aɖe vɛ na amewo bene wòadze yonyeme, alo aɖo nye hamea me o, alo be madze habɔbɔa ɖe loo ɖoɖowɔha ɖe gɔme o. Nyemewɔ esia kpɔ o eye nyemele ewɔ ge fifia hã o. Nenem nu mawo mele vevie nam o, gake Mawu ƒe nuwo kple amewoe le vivie nam, eye ne mate ŋu awɔ nu ɖeka sia ko la asu nam. Nu ɖeka lae nye bena makpɔ gbɔgbɔme kadede vavãtɔ le Mawu kple amegbetɔwo dome, esi ke mee amewo nazu nuwɔwɔ yeyewo le Kristo me, ayɔ fũ kple Eƒe Gbɔgbɔ eye woanɔ agbe ɖe Eƒe Nya la nu. Makpe amesiame, aɖe kuku nɛ, axlɔ̃ nui be wòase Eƒe gbe le ɤeyiɤi sia me, ale be miatsɔ miaƒe agbe nɛ blibo, abe alesi nye ŋutɔ hã meka ɖe dzi le nye dzi me ke be metsɔ nye nusianu Nɛ ene. Mawu nayra mi, eye Eƒe vava nado dzidzɔ na miaƒe dzi.

Bubutɔ. William Marrion Branham

 

 

 

Be nànya nu geɖe wu kuɖe Bubutɔ William Marrion Branham ƒe subɔsubɔdɔ ŋu kple alesi nàxɔ
eƒe mawunyawoe la, taflatse, bia le:

THEMESSAGE.COM

P.O. Box 950
Jeffersonville, IN 47131, USA
812-256-1177