MAWUDƆLA ƑE AMESASRÃKPƆ



Ŋutegaawo yi edzi. Eƒe hadɔwɔla siwo nye osɔfowo gblɔ nɛ bena eƒe ŋutegaawo metso Mawu gbɔ o. Wobe gbɔgbɔvɔ̃e le eme. Nusia ɖe fu nɛ ŋutɔ. Agba sia va wu tsɔtsɔ nɛ, eyata edzo yi ɖe gbedadaƒo be yeadi Mawu ƒe Lɔlɔ̃nu. Eɖoe kplikpa ale be eɖe adzɔgbe gblɔ bena yematrɔ gbɔ ne yemexɔ ŋuɖoɖo o. Afimae, le atixɔ xoxoea ɖe me afisi woɖoa gamɔ̃ ɖo tsã la Aƒetɔ ƒe Dɔla va egbɔ henae eƒe dɔdɔ. Le nya bubu geɖewo dome la, Mawudɔla la gblɔ nɛ hã bena: “Ne ena amewo xɔ dziwò se, eye neɖi anukware esime nanɔ gbe dom ɖa la, naneke matɔ te ɖe wò gbedodoɖa ŋgɔ o, kaŋsa ŋutɔ hã o.”

Ɖikekeawo katã bu keŋ. Azɔ dɔdɔ la su esi ale wòɖe afɔ dzideƒotɔe. Dɔyɔyɔ ƒe nyɔnyɔ̃ la dze egɔme.

Ame akpe alafa alafawo kpɔ gome le Branham ƒe dutoƒo takpekpewo me. Akpe geɖewo kpɔ dɔyɔyɔ le Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe Ŋkɔ me. Kaba la nyanyuiegblɔla bubuwo abe Oral Roberts, T.L. Osborn, kple A.A. Allen wodze woa ŋutɔwo ƒe dɔdɔyɔ ƒe nyɔnyɔ̃ gɔme kplɔ Nɔviŋutsu Branham ɖo. Aƒetɔ dza Eƒe yayrawo ɖi etɔgbe medzɔ kpɔ tsã o. Yesu Kristo ƒe dɔyɔyɔsi la gaka Eƒe dukɔ la ŋu zi ɖeka ake.

“Enuenu la mefaa dzidzɔvi ɖe Mawu ƒe nunana yeye na hamea si nye mía Nɔviŋutsu lɔlɔ̃a, William Branham, kple eƒe dɔyɔyɔ nunana wɔnuku la ta. Esia nye nɔnɔmea ɖe si me Mawu wɔ dɔ le ƒo nusianu si míate ŋu abia se alo asusu kpɔ la ta sasãsa (Efes. 3:20), elabena nyemekpɔ alo xlẽ naneke kpɔ si sɔ kple William Branham ƒe dɔyɔyɔ subɔsubɔdɔ la o.”

Bubutɔ. F.F. Bosworth, nyanyuigblɔla si xexeame katã nya, amesi nye fofo gbãtɔ siwo ɖo Mawu Ƒe Ƒuƒoƒewo ƒe kɔmahatsɔŋkɔa kple Pentekosteawo ƒe Zɔɖeɖe Yeyetɔa gɔme anyi la dometɔ ɖeka.

“Le kpɔɖeŋu ɖeka me la, míenɔ ekpɔm esime wònɔ nu ƒom na ŋutsua ɖe si wotsɔ mlɔ abati me. Gbã la dzesia ɖeke medze be ŋutsu la ƒe nyaŋuɖoɖo fia nunya o. Srɔ̃a si le tsitre ɖe egbɔ la wɔ nyameɖeɖe, bena menye kaŋsa ɖeɖeko lém ŋutsua le hele kukum o, ke boŋ enye tokunɔ hã eye mate ŋu ase nusi gblɔm wole nɛ la o.

Nɔviŋutsu Branham gblɔ azɔ be ele vevie be ŋutsua nase nu ale be yeate ŋu ana nufiamee hena eƒe dɔyɔyɔ kpɔkpɔ tso kaŋsa me. Gbedodoɖa ƒe ɤeyiɤi via ɖe va eme. Kasia la ŋutsu la te ŋu se nu! Aɖatsi bablawo mli le ŋutsua ƒe alɔgowo dzi eyama si ƒe mo le blanui hetsi kpoo fiẽ ma katã la. Eɖo to kple ɖetsɔleme esi wogblɔ alesi wòawɔ akpɔ eƒe gaɖeɖe tso kaŋsadɔ si me la nɛ.”

Bubutɔ. Gordon Lindsay, agbelẽŋlɔla blibo, osɔfo, kple amesi ɖo Kristo Na Dukɔwo Katã ƒe Suku la.

“Nɔviŋutsu Branham gblɔ be, ‘Sewɔƒemenɔla kpɔ dɔyɔyɔ.’ Nye dzi ti kpo. Meɖe afɔ hexɔ Aƒetɔ la abe Dɔyɔla ene. Meɖe asi le nye butɔtiwo ŋuti… eye Dziƒo ƒe gɔme ka dze anyi!”

William D. Upshaw, Amerika ƒe Sewɔƒemenɔla (1919-1927), ena ŋkɔ be woada Kplɔla ƒe kɔ na ye le ƒe 1932 me. Ezu gbafa tso eƒe ɖevime esime nane ge ƒo dzime nɛ wòŋẽ. Exɔ ƒe 84 hafi kpɔ dɔyɔyɔ blibo to Nɔviŋutsu Branham ƒe gbedodoɖa dzi, le tekuku ƒe 66 megbe. Dɔnɔkekevi alo butɔti aɖeke megahiãe le eƒe agbeŋkeke mamleawo katã me o.

“Menɔ yɔmekpedɔ lém hedze ŋe ɖe aba dzi ƒe enyi kple dzinu asieke sɔŋ eye nu glo ɖɔkitawo. Bebli hafi meda kpekpeme pɔŋ 50 eye edze abe ɖe mɔkpɔkpɔ katã bú ene. Ke tso Jeffersonville, Indiana la, Bubutɔ. WM Branham va míagbɔ, le ŋutega aɖe nu esi ke me wòkpɔ alevia ɖe le gbedadaƒo eye nane lée wònɔ ɤli dom be, ‘Millton,’ eyae nye teƒe si mele. Nɔviŋutsu Branham meva teƒe sia kpɔ alo nya amea ɖe tso teƒe sia hã o. Esi wòge ɖe eme la, eda asi ɖe dzinye hedo gbe ɖa ɖe tanye, yɔ mía Aƒetɔ Yesu lɔlɔ̃a ƒe Ŋkɔ. Ewɔ abe nanee lém ene enumake metso ɖe tsitre hele akpe dam na Mawu ɖe Eƒe dɔyɔyɔ ŋusẽ ta. Fifia la menye saŋkuƒola le Baptisto hamea me le afisia.”

Georgia Carter, Milltown Indiana, ekpɔ dɔyɔyɔ le Yɔmekpe vɔ̃ɖi sime le 1940 eye megale dɔ ma kpɔ le ŋkeke bubu dzi le eƒe agbe me o. Ele tsitre ɖe ame akpe nane siwo kpɔ dɔyɔyɔ to eƒe subɔsubɔdɔ dzi hegale dɔyɔyɔ kpɔm egbegbe la nu.