Nyagblɔɖila Aɖea?



Le Biblia me la, Mawu tsɔa Eƒe Gbedeasi nana amewo le anyigba dzi to agbenɔɤia ƒe nyagblɔɖila dzi. Eƒo nu na Mose le ŋuve bibi la me hede dɔ asi nɛ be wòakplɔ Hebriviwo do goe tso Egypte. Wotsɔ Dzolilikpo kpɔkpleŋkua kple dzesi bubuwo nae be woaɖo kpe eƒe subɔsubɔdɔ la dzi. Yohanes Amenyrɔ̃la he Gbeadeasi vɛ si dzra xexeame ɖo hena Mesia ƒe vava. Esime wònɔ Aƒetɔ Yesu nyrɔ̃m le Yordan Tɔsisi me la, Gbea ɖe ɖi tso Dziƒo heɖo kpe Yohanes ƒe dɔdɔ si nye be wòafia Mawu ƒe Alẽvi la amewo gblɔ bena, “Amesiae nye Vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu lena o la, si dzea ŋunye.” Ƒe ʋeea ɖewo le esia megbe la, Aƒetɔ ƒe Gbe gaɖi ake le nu ƒom na nyagblɔɖila aɖe, le ɤesiɤi Woƒo nu na Paulo le Kekeli sesẽa ɖe me, hede dɔ asi nɛ emegbe be wòade ɖoɖo hamea me. Le Nubabla Yeyea kple Nubabla Xoxoa katã me la, Mawu meƒo nu na Eƒe dukɔ la kpɔ to kɔmahatsɔŋkɔwo ƒe nuɖoanyiwo dzi alo to subɔsubɔha aɖe ƒe ɖoɖowɔwɔ aɖe dzi kpɔ gbeɖe o. Ɣesiaɤi la ame ɖeka dzi koe Wòƒoa nu tonɛ na dukɔ la: Emesiae nye Eƒe Nyagblɔɖila. Eye Eɖoa kpe nyagblɔɖila siawo dzi ɖaa kple dzesi wɔnukuwo.

Ke aleke wòle egbe? Ɖe Mawu gale Eƒe Nya ɖem fia Eƒe Nyagblɔɖilawoa? Ɖe dzesi wɔnukuwo gali egbea? Ɖee Mawu agadɔ egbeŋkeke ƒe nyagblɔɖila ɖe xexeame? Ŋuɖoɖo si me kɔ kɔtɛ lae nye, “Ɛ̃!”

Gake aleke míawɔ anya nenye be nyagblɔɖilaa ɖe gatsi tre? Nuka ƒomevi wòaɖi? Aleke wòawɔ nue? Dzesi kawo ƒomevi wòana mí? Ŋɔŋlɔ kawo nu wòawu?

Gbaɖegbe nyagblɔɖilawo nye Mawu ƒe kalẽmewo, eye womevɔ̃a be wòatsi tre ɖe subɔsubɔwo ƒe ɖoɖowɔhawo ŋu o. Le nyateƒe me la, osɔfoha la dzua wo hegblɔa nya vlowo ɖe wo ŋu kokoko. Eliya do aɖika kple subɔsubɔ ƒe ɖoɖowɔha siwo nɔ anyi le eŋɔli la, hebia wo se bena vɔsasa ka ŋu Mawu ade bubui, wo tɔ alo ye tɔa. Wodo ɤli. Wogblɔ nya ɖi. Woti kpo dze vɔsamlekpui dzi. Wosi wo ɖokuiwo kple yi. Ke Mawu meɖo to wo o. Eliya wu mo dzi gblɔ bena, “Egbe nana woanyae be Wòe nye Mawu le Israel, eye menye wò dɔla, eye mewɔ nusiawo le wò nya la nu.” Ale wòyɔ dzo tso dziƒo wòva fia vɔsasa la. Nyagblɔɖila Mixa tsi tre ɖe Israel Fia, kple nunɔlawo ƒe ha blibo la katã ŋuti, esime wòka mo na Nunɔlagã Zedekiya be egblɔ aʋatso nya ɖi. Nunɔlagã la ƒo to me nɛ eye Fia la dee gaxɔ me le nyateƒe si wògblɔ la ta. Aƒetɔ Yesu ŋutɔ hã, subɔsubɔ ƒe ɖoɖowɔha siwo nɔ anyi le Eƒe ŋkekewo me la wolé fui vevie ŋutɔ esiata Woklãe ɖe ati ŋu hekpe ɖe adzodala vlowo kekeake ŋuti. Ne blemanyawo le eme tututu la, egbeŋkeke subɔsubɔ ɖoɖowɔhawo ƒe nuɖoanyi la agalé fu nyagblɔɖila, eye woayɔe be kɔmamãtɔ, aʋatso nyagblɔɖila, alo ŋkɔ bubu si gavlo wu esiawo. Gake la Mawu ade megbe na Eƒe subɔla.

Ne nyagblɔɖila aɖe ava le egbeŋkekewo me ɖe, aleke Katoliko Hamea axɔ eyamae? Baptiste Hamea ya ɖe? Luteran Hamea ya ɖe? Alo kɔmahatsɔŋkɔ bubu ɖe?

Aƒetɔ Yesu na ŋusẽ amesiwo katã xɔ Edzi se: “Eye dzesi siawo akplɔ amesiwo xɔe se la ɖo; Le nye ŋkɔa dzi woanya gbɔgbɔvɔ̃wo ado goe; woaƒo nu kple aɖe yeyewo; Woalé dawo kple asi; eye ne wono nu wuame hã la, mewɔ vɔ̃a ɖeke wo o; woada asi ɖe dɔlélawo dzi, eye woƒe lãme lasẽ.” (Marko 16:17-18). Ɖe ŋɔŋlɔ kpukpui sia gale eme egbea? Ne megale eme o ɖe, ke ɤekaɤie Aƒetɔ ƒe Nya la nu va yi? Le Biblia katã me la, nyagblɔɖilawo te ŋu yɔ dɔ dɔlélawo, wonya gbɔgbɔvɔ̃wo do goe, hewɔ nukunuwo. Mose kɔ akɔblida la ɖe dzi le Israel dukɔ la ŋku me be wòakpɔ dɔyɔyɔ tso da vɔ̃ɖiwo ƒe aɖi si me (Mose IV 21:9). Naaman, Syriatɔ kalẽtɔ la, va ELISA gbɔ be wòayɔ dɔ ye tso anyidɔ si me (Fiawo II 5:9). Esime ɖekakpui ma ge tso dziƒoxɔ ƒe fresẽ nu heku la, apostolo Paulo dze edzi hegbugbɔ agbe de eƒe ŋutilã kukua me (Dɔwɔwɔwo 20:10). Mía Aƒetɔ Yesu ƒe 3½ aɖewo ƒe agbenɔnɔ ko woŋlɔ daɖi na mí, gake le ƒe ʋee siawo me la, Eyɔa dɔ dɔlélawo ɖaasi. Ŋkuagbãtɔwo kpɔ nu. Anyidzelawo ŋuti kɔ. Tokunɔwo se nu. Tekunɔwo zɔ azɔli. Dɔlelé ƒomevi ɖesiaɖe kpɔ dɔyɔyɔ (Mat 4:23).

To vo na dɔyɔyɔ la Mawu gaɖoa kpe Eƒe nyagblɔɖilawo dzi to mɔnu bubuwo dzi. Dzimesusu ɤaɤlawo kekeake hã nɔ nyanya na Mawu ƒe ame siawo. Fia Nebukadnezar ku drɔ̃e si ɖe fu nɛ, ke mete ŋu ɖo ŋku drɔ̃e la dzi o. Nyagblɔɖila Daniel gblɔ drɔ̃e la kple nyagblɔɖinya si kuɖe eŋu la nɛ. (Dan 2:28). Naneke menɔ ɤaɤla na Salomo esime Saba Fianyɔnu va egbɔ o. Gbɔgbɔ la yɔ eyama fũ ale gbegbe be egblɔna biabia siwo le eƒe dzi me gɔ̃ hã nɛ hafi wòva biaa woe (Fiawo I 10:3). Elisa gblɔ Syria Fia ƒe ɖoɖowo katã na Israel Fia la, yi keke nya ɤaɤla siwo wògblɔna le eƒe xɔgã me la dzi. (Fiawo II 6:12).

To Ye ŋutɔ ƒe nuwɔnawo me la, Aƒetɔ Yesu fia enuenu bena sidzedze dzimenyawo ƒe Gbɔgbɔ la nye Kristo ƒe Gbɔgbɔ. Ɖe Wòdze si Natanael ƒe nɔnɔme le esime Wògblɔ be, “Kpɔ ɖa Israeltɔ vavãe, amesi me alakpa mele o!” Ke Yesu yi edzi hegblɔ na Natanael afisie wònɔ hafi Filipo gblɔ Mesia ƒe nya la nɛ (Yohanes 1:48). Esime Natanael kpɔ bena Yesu dze si ye ƒe dzi me la, ede dze sii enumake be Eyae nye Kristo la. Zi gbãtɔ si Yesu kpɔ Petro la, Eyɔ fofoa ƒe ŋkɔ nɛ, be Yona (Yohanes 1:42). Ale Petro gblẽ eƒe nuwo katã ɖi hedze Yesu yome eƒe agbeŋkekewo katã. Esi Yesu do go Samaria nyɔnu la le vudoa to la egblɔ eƒe nuvɔ̃ siwo wòwɔ kpɔ la nɛ. Eƒe ŋuɖoɖo gbãtɔ lae nye be, “Aƒetɔ, medze sii bena nyagblɔɖila nènye” (Yohanes 4:19). Amesiawo katã tso agbe ƒe ɖoƒe vovovowo me, gake wodze si Yesu enumake esi Wòɖe sidzedze dzimenyawo ƒe nunana fia woamawo.

Ke ɖe nunana sia bu gbidii le ɤesiɤi woŋlɔ Biblia ƒe axa susɔe la? Nenye be woŋlɔ nukunu siawo ɖe Biblia me wo me kɔ keŋ alea la, ekema afika wogale egbe? Ele godoo be nukunu siawo naɖo kpe egbeŋkeke ƒe nyagblɔɖila la dzi.

Ɖe Mawu ŋlɔ̃ Eƒe dukɔ la bea? Ɖe Wòagate ŋu ayɔ dɔ na dɔnɔwoa? Ɖe wogale nu ƒom na mí to Eƒe nyagblɔɖilawo dzia? Ɖe nyagblɔɖila siawo ƒe ɖe kpɔ egbeŋkeke sia do ŋgɔa?

Ɖe nyagblɔɖi aɖewo gali siwo meva me haɖe oa?