Ɖekakpuime Ƒewo - Dziyiyi



Blukɔ tsiɖitsiɖia ɖe dze dodo ɖe dɔyɔxɔa me, abe avetsu gãa ɖe mee ene. Meganɔ ya ƒoƒo ŋkɔ sem to aŋgbawo me, gake ɖeko wole abe ave me afiaɖe ɖaae ene. Đewomahĩ wò hã èse ya ŋkɔ kpɔ ne eƒo sesĩẽ to aŋgbawo me, hezɔ gbɔna ɖe gbɔwò la. Mesusu be, “Ã, ku saɖagatsie ŋutɔŋutɔe nye si va do be yeakplɔm dzoe.” Oo! ele be nye luʋɔ nado go Mawu, medze agbagba be mado gbe ɖa gake nyemete ŋui o.

Ya ƒoƒo la nɔ tetem ɖe ŋunye kpuie wu tsã, eƒe gbeɖiɖi la hã nɔ dzi dem geɖe wu. Aŋgbawo ƒe howɔwɔ nu ganɔ sesẽm ɖe dzi tsɔwu ke zi ɖeka ma la, mebu ɖe ɖokuinye.

Ewɔ abe ɖee megatrɔ zu ŋutsuvi dzaa aɖe si le afɔ ƒuƒlu, hetɔ te ɖe afɔmɔ ma ke dzi le ati ma tututu te. Megase gbe ma ke tututu si gblɔ nam be, “Mègano aha alo ayɔ atama gbeɖe o la.” Eye aŋgbawo ƒe howɔwɔ si sem menɔ la nye ema tututu si ƒo le atia me gbemagbe.

Ke azɔ la gbe la gblɔ be, “Meyɔ wò ke nègbe be yemayi o.” Egagblɔe zi gbɔ zi etɔ̃ sɔŋ.

Ale megblɔ be, “Aƒetɔ, nenye Wòe la, ke na matrɔ yi anyigba dzi ekema magblɔ wò Nyanyui la le xɔtawo kple mɔ ƒe dzogoewo dzi. Magblɔe na amesiame!”

Esime ŋutega sia va yi vɔ la, mede dzesii be nye lãme kɔ alesi tɔgbe mekɔ kpɔ tsã o. Dɔyɔla si wɔ dɔ nam la gakpɔtɔ le xɔa me. Eva kpɔm dũ eye wòwɔ mo yaa nɛ. Eƒe nu kpɔkpɔ me le abe ɖe wòsusu be maku ene, ale wògblɔ be, “Nyemedea sɔleme o, nye dɔ nyanya hã de ŋgɔ ŋutɔ, gake menya be Mawu va srã ŋutsuvi sia kpɔ.” Nusita wògblɔ nenema ɖo la, nyemenyae o. Amea ɖeke megblɔ nyaa ɖeke kuɖe eŋuti o. Ne ɖe tsã ma menya nusi menya fifia la, anye ne matso le dɔba ma dzi ade asi ɤli dodo me be, Kafukafu na Eƒe Ŋkɔ.

Le ŋkeke ʋeea ɖewo megbe la woɖe asi le ŋunye meyi aƒe me gake la nyemehaya petee o ale wòzu dzizizi nam be maɖɔ gaŋkui le nye ŋku ƒe nu kpɔkpɔ fluflu ta. Nye ta hã ƒona tititi nenye be meli ŋku ɖe nane dzi fũ akpa.

Mede asi Mawu didi me be makpɔe. Meɖi tsa tso hame ɖeka me yi hame bubu me henɔ didim be makpɔ teƒea ɖe afisi wowɔa yɔyɔ va vɔsamlekpui gbɔ le abe tsã ene. Nusi wɔ nublanui lae nye bena nyemekpɔ ɖeke o.

Megblɔ be ne manye Kristotɔ gbeɖe la, manyee ŋutɔŋutɔ. Osɔfo aɖe si ɖo tom la wɔ dzesidede sia bena, “Kpɔ ɖa Billy wò ŋutsuvi sia, egbɔna wɔtsomitɔ zu ge.” Meɖo eŋu nɛ be ne subɔsubɔa ɖe anye tɔnye la ekema madi be neva ne maxɔe kple dzo abe nusrɔ̃lawo ene.

Oo woakafu Eƒe Ŋkɔ. Emegbe la meva kpɔ subɔsubɔa ɖe eye megalé eme ɖe asi va na fifia hã, eye to Eƒe kpekpeɖeŋu me la malé eme ɖe asi tegbee.

Gbeɖeka zã me la numetoto vavã wɔwɔ kple Mawu ƒe dɔ nɔ wuyem vevie ale gbegbe be meyi agbadɔ xoxoe aɖe si le aƒea godo la te hetee kpɔ do gbe ɖa. Nyemenya gbedodoɖa o. Eyata ɖeko mede asi nuƒoƒo me Kpakplii abe alesi maƒo nu na ame tutɔ ko ene. Enumake la kekeli aɖe va ge ɖe agbadɔa me heta atitsoga eye Gbea ɖe ƒo nu nam tso atitsoga la me le gbegbɔgblɔ si gɔme nyemese o la me. Emegbe la egadzo. Gbɔgblɔ bu ɖem. Esi metrɔ va ɖokuinye me la, megado gbe ɖa ake bena, “Aƒetɔ nènye Wòe la, meɖe kuku gatrɔ va ƒo nu nam ake.” Tso keke esime metrɔ tso dɔyɔƒea gbɔ la menɔ nye Biblia xexlẽ dzi eye mexlẽ le Yohanes 4 lia me bena, “Lɔlɔ̃tɔwo migaxɔ gbɔgbɔ sia gbɔgbɔ dzi se o, ke mido wo kpɔ nenye ɖe wotso Mawu gbɔ.”

Menyae bena gbɔgbɔa ɖe wònye dze nam, eye esi medo gbe ɖa vɔ la egadze nam ake. Ke ewɔ nam abe ɖe wokɔ agba kpekpe si de pɔŋ akpe ɖeka la ɖa le nye luʋɔ dzi. Meti kpo hesi du yi aƒe me eye ewɔ nam abe yamee menɔ du sim le ene.

Danye biam se be “Bill, nukae dzɔ ɖe dziwò?” Meɖo ŋu nɛ bena, “Nyemenya o gake nye lãme kɔ hefo nyuie.” Nyemegate ŋu nɔ aƒea me o. Ele be mado ɖe xexe anɔ du sim.

Menya azɔ bena ne Mawu di be maɖe gbeƒã la Ayɔ dɔm. Ale meyi ɖe hamea ɖe si xɔa amisisiname dzi sena eye mekpɔ dɔyɔyɔ enumake. Ke mekpɔ bena nane nɔ nusrɔ̃lawo si esi mele osɔfo geɖewo si egbe o. Nusrɔ̃lawo xɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe nyɔnyrɔ̃ eyata wote ŋu yɔa dɔ na dɔlélawo eye wowɔa nukunu dzɔtsu geɖewo fũ le Eƒe Ŋkɔ dzi. Eye mede asi gbe dodo ɖa me be maxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe nyɔnyrɔ̃ eye mexɔe hã.

Gbeɖeka anɔ abe dzinu adẽa ɖewo megbe la, Mawu wɔ nye dzi ƒe didi la nam. Eƒo nu nam le Kekeli gãa ɖe me gblɔ bena mayi ɖaɖe gbeƒã ne mado gbe ɖa ɖe dɔnɔwo ta ekema ɖesiaɖe lanye woƒe dɔleléawo hã Ye ŋutɔ yeayɔ dɔ wo. Mede asi mawunya gbɔgblɔ me hele nusi Wògblɔ nam la wɔm. Oo xɔ̃nye, nyemate ŋu adze nusiwo katã va dzɔ la gbɔgblɔ na wò o: Ŋkuagbawo ʋu. Xɔdrɔ̃wo zɔ azɔli. Kaŋsa dɔlélawo kpɔ dɔyɔyɔ eye nukunu bubu ƒomevi geɖewo dzɔ.

Gbeɖeka le Spring mɔa ƒe seƒe le Jeffersonville, Indiana, esime mewɔ kwasiɖa eve ƒe nyɔnyɔ̃ takpekpe vɔ megbe la, menɔ ame 130 aɖewo nyrɔ̃m ɖe tsi me. Enye Dasiamime ƒe ŋkekea ɖe si dzi ŋdɔ nɔ vevem ŋutɔ eye ame siwo le afima la wode ame akpe etɔ̃. Meyina ame 17 lia nyrɔ̃ ge, tete megase Gbe sue bɔkɔ ma ake, eye wògblɔ bena, “Wu wò mo dzi.” Dziƒo wɔ hẽ abe akɔbli ene le Dasiamime ƒe ŋdɔkutsu dzatsɛ ma. Anɔ kwasiɖa etɔ̃ sɔŋ ekem si tsia ɖeke megadza na mí kpɔ o. Megase Gbe sia ake, hegasee ake eye zi etɔ̃lia la egblɔ be, “Wu wò mo dzi.”

Mewu mo dzi ke kpɔ ɖa ɤletivi keklẽ gãa ɖe ɖi tso dziƒo va, esi mekpɔ kpɔ zi geɖe kpɔ ke ɖeko nyemeƒo nu le eŋu na mi kpɔ o. Zi geɖe la meƒo nu tso eƒe vava ŋu na amewo ke ɖeko woawo kɔam gblɔna bena, “Bill wò susu me ko èkpɔe le. Alo ɖewomahĩ drɔ̃e wònye kum nèle.” Ke woakafu Mawu, azɔ la Eɖe Eɖokui fia eye amesiame kpɔe, elabena etsɔ ɖe gbɔnye ŋutɔ ale gbegbe be nye nu gɔ̃ hã ku. Esi wòtɔ te sẽ ko la, medo ɤli sesiẽ eye ame geɖewo hã wu mo dzi hekpɔ ɤletivi la le nye tame tututu. Amea ɖewo ku ƒenyi ke ɖewo de asi ɤli dodo me eye bubuwo hã de afɔ du me. Le esia megbe la ɤletivi la gatrɔ yi dziƒo, eye teƒe si wòdzo le la anɔ abe afɔ xexlẽ wuiatɔ kpeɖo ene, eye teƒe la nɔ ʋaʋam alo enɔ ŋeŋem abe alesi ƒutsotsoewo ŋena ene. Alilikpo ɤi mlimlia ɖe nɔ teƒe ma, esi me ɤletivi la ge ɖo.

Abe Yohanes Amenyrɔ̃la ene la, woɖo kpe nyagblɔɖila dzi le tsi ƒe Nyɔnyrɔ̃ me.