Mose I 3:1
Ke da dze aye wu gbemelã siwo katã YEHOWA Mawu wɔ la. Eye wògblɔ na nyɔnu la bena, vavãe, Mawu gblɔ bena, Migaɖu abɔmetiawo katã ƒe tsetsea ɖeke o mahã?
Mose I 3:6-7
Esi nyɔnu la kpɔ bena ati la nyo na ɖuɖu, ebiã ŋu na ame, eye wòdzroa ame, eye wònana wodzea nunya la, egbe eƒe tsetsea ɖe heɖu, eye wòna srɔ̃a si le egbɔ hã; wòɖu.
Tete wo kpakple eve ƒe ŋkuwo ʋu, eye wodze sii bena yewole amama; eye wotɔ amagbawo, hesã ɖe ali.
Mose I 3:14-15
Eye YEHOWA Mawu gblɔ na da la bena, Esi nèwɔ alea la, eyata woaƒo fi ade wo le aƒemelãwo, kple gbemelãwo katã dome; wò ƒodo dzi nazɔ, eye ʋuʋudedie nàɖu le wò agbeme ŋkekewo katã me:
Made aɖika mia kple nyɔnu la dome, wò dzidzime kple nyɔnu la ƒe dzidzime dome; eya agbã ta na wò, eye wò la aɖu afɔkpodzi nɛ.
Esiae nye nuvɔ̃ gbãtɔ si woŋlɔ ɖe Biblia me. Da, si dze aye wu gbemelãwo katã la, “ble” Xawa wòɖu atikutsetse si ŋu wode se le la ƒe ɖe. Eɖui hena srɔ̃a hã wòɖu, esi na be wonya be yewole amama.
Nyabiase lae nye si: Aleke da ate ŋu aƒo nue? Nya kae yevutɔ ɖo kple amama nɔnɔ? Ke, afika da ƒe dzimemea le le esia katã me?
Biblia gblɔ be da dze “aye” wu gbemelãwo katã. Enɔ abe amegbetɔ ene, ale be wòte ŋu zɔ, heƒo nu, eye wòɖo nya ŋu kple nunya ŋutɔ hã. Esi wòble Adam ƒe srɔ̃ vɔ la, Mawu ƒo fi dee wòzu da anyigbanu, gake mele nenema hafi nua ƒe gbegblẽ kple nukua ƒe ƒaƒã va me o.
Biblia gblɔ le Mose I 3:15 bena Dzidzime le da si, eye Mawu de aɖika dzidzime eveawo dome. Eme kɔ ƒã bena, da la ƒe nuku tsaka kple Xawa ƒe dzɔdzɔme nukua tsã hafi woava mã wo me. Aleke nusia katã ate ŋu anye atikutsetse ɖuɖu ƒe emetsonu? Eye, le kpukpui ʋeea ɖewo megbe la, “Adam tsɔ ŋkɔ na srɔ̃a be Xawa; elabena enye ame gbagbewo katã ƒe dada.” De dze sii bena womegblɔ be Adam nye ame gbagbewo katã ƒe fofo o.
“Kutsetsewo” li vovovo le Biblia me. Ele me ƒã be atikutsetse ŋutɔŋutɔa li, abe yevutɔ, esi miena eye woɖuna nuɖuɖue. Kutsetse si ƒo nu tso míaƒe dɔwɔwɔwo ŋu hã li, ne enye kodzogbeme dɔwo abe agbledede kple asitsatsa loo, alo gbɔgbɔme dɔwo abe nukunu wɔwɔwo kple Nyanyuie gbɔgblɔ ene. Eye, vidzidɔ ƒe kutsetse hã li, esi ƒo nu tso fufɔfɔ kple vidzidzi ŋuti.
Ɖe atikutsetse ɖuɖu ana sidzedze Adam kple Xawa be wole amamaa? Alo, ɖe wòhiã ŋutsu kple nyɔnu ƒe kadede le ŋutilã me be woase egɔme nusita wòle be woatsɔ̃ nu woƒe ŋutilã ƒe akpaa ɖea?
Nuka koŋue dzɔ gbemagbe le Abɔa me si wɔe be ameƒomea katã ge?
Abe alesi Nyɔnu la ƒe Nuku nye Mawu si gbugbɔ wɔ Eɖokui ɖe amegbetɔ ƒe ŋutilã me le kodzogbe nu la, nenema ke da ƒe nuku la hã nye kodzogbe mɔnua ɖe si Satana kpɔ be yeate ŋu ato aʋu agbo ɖe ameƒomea me na eɖokui. Satana mate ŋu agbugbɔ eɖokui wɔ (elabena gbɔgbɔ si WOWƆ la ko wònye) abe alesi Mawu gbugbɔ eɖokui wɔ la ene o, ale Gɔmedzedze ŋutinya la gblɔ alesi wòwɔ eƒe nuku la hetsɔ eɖokui de alo tra ɖe ameƒomea me. Gawu la ɖo ŋku dzi bena woyɔ Satana be “da.” Eyama ƒe nuku la alo eƒe tatra ɖe ameƒomea me ƒe nya gblɔm míele.
Hafi Adam nava nya Xawa le ŋutilã nu la, Da nyae xoxo do ŋgɔ nɛ. Eye amesi dzɔ tso wɔna sia me lae nye Kain. Kain tso (wodzii tso, edzɔ tso) “Vɔ̃ɖitɔ,” sia me. (I Yohanes 3:12)
…Nyateƒe si le nya sia mee nye be Xawa tsɔ vi EVE ɖe ƒodo me (venɔviwo) siwo tso fudodo VOVO eve gbɔ. Venɔviwo ƒe fu nɔ esi, gake Kain ƒe fu do ŋgɔ na Habel tɔ ʋee.
Kpukpuiwo
Mose I 3:6-7
Esi nyɔnu la kpɔ bena ati la nyo na ɖuɖu, ebiã ŋu na ame, eye wòdzroa ame, eye wònana wodzea nunya la, egbe eƒe tsetsea ɖe heɖu, eye wòna srɔ̃a si le egbɔ hã; wòɖu.
Tete wo kpakple eve ƒe ŋkuwo ʋu, eye wodze sii bena yewo le amama; eye wotɔ amagbawo, hesa ɖe ali.
[Aleke woanya be yewole amama to atikutsetse aɖe ɖuɖu me?]
Mose I 3:13-15
Eye Yehowa Mawu gblɔ na nyɔnua bena, Nukaŋuti nèwɔ alea, nyɔnu la ɖo ŋu nɛ be, da lae blem, eye meɖui.
Eye Yehowa Mawu gblɔ na da la bena, Esi nèwɔ alea la, eyata woaƒo fi ade wò le aƒemelãwo, kple gbemelãwo katã dome; wò ƒodo dzi nazɔ, eye ʋuʋudedie nàɖu le wò agbeme ŋkekewo katã me:
Made aɖika mia kple nyɔnu la dome, wò dzidzime kple nyɔnu la ƒe dzidzime dome; eya agbã ta na wò, eye wò la aɖu afɔkpodzi nɛ.
[Dzidzime le da la si. Edze ƒã be, esia mele nu ƒom tso da anyigbanu ŋu o.]
Mose I 3:20
Eye Adam tsɔ ŋkɔ na srɔ̃a bena Xawa; elabena eyae nye ame gbagbewo katã ƒe dada.
[Nukatae womeyɔ Adam be ame gbagbewo katã ƒe fofo o ɖo?]
Mose I 4:1-2
Eye Adam dɔ kple srɔ̃a Xawa; eye wòfɔ fu dzi Kain, eye wògblɔ bena, YEHOWA ɖi nam be medzi ŋutsu.
Emegbe la edzi nɔvia Habel. Eye Habel va zu lãnyila, ke Kain ya zu agbledela.
[Agbe sia agbe tso Mawu gbɔ, neganye atsuƒee wofɔ eƒe fu le alo gbɔme hã. Satana mate ŋu ana agbe o.]
Luka 3:38
Amesi nye Enos vi, amesi nye Set vi, amesi nye Adam vi, amesi nye Mawu tɔ.
[Afika ŋgɔgbevi Kain la le le Adam ƒe dzidzimexexlẽa me?]
I Yohanes 3:12
Menye abe Kain, si tso vɔ̃ɖitɔ la me, eye wòwu nɔvia la ene o. Eye nukaŋuti wòwui ɖo? Elabena eƒe dɔwɔwɔwo vɔ̃ɖi, eye nɔvia tɔwo le dzɔdzɔe.
[Mawu wɔ Adam ɖe Ye ŋutɔ ƒe Nɔnɔme nu. Afika Kain ƒe vɔ̃ɖinyenye la tso, eye afika Habel ƒe dzɔdzɔenyenye la tso? Wonyi nyenye siawo ƒe dome tso wo fofowo me.]
Jude 1:14
Ke Henox hã, amesi nye adrẽlia tso Adam dzi, la, gblɔ nya ɖi ɖe ame mawo ŋuti, bena, Kpɔɖa, Aƒetɔ la kple Eƒe amekɔkɔe akpe nanewo gbɔna,
[Afia ɖeke mele Biblia me si woxlẽ Kain ɖe Adam ƒe dzidzimea me o.]