Esiawoe nye biabia siwo míexɔ kuɖe míaƒe subɔsubɔdɔ la ŋu. Ne le esiawo xexlẽ megbe, biabia bubu gale asiwò kuɖe nusi le yiyiɖɔsia dzi ŋu la, taflatse ŋlɔ imɛli na mí le answers@themessage.com dzi.

 

Nukae nye miaƒe xɔsemeʋuʋu?

Míagblɔ be ele be míaƒe nufiafia si “wonya” be ele hamea si la nanye Biblia, tso Mose I va ɖo Nyaɖeɖefia dzi. Míate ŋu alé míaƒe xɔsemeʋuʋu me ɖe nya gbe ɖeka me ale: Dzixɔse tutɔ aɖeke o negbe Kristo ko; se bubua ɖeke o negbe lɔlɔ̃ ko; agbalẽ bubua ɖeke o negbe Biblia ko.

Menye Kristotɔ vɔ xoxo. Ðee nyanyanana si le yiyiɖɔ sia dzi la gakam vavãa?

Ɛ̃! Ele na Kristotɔwo be woaxɔ Mawu ƒe Nya la katã dzi ase; ematae míedea sɔleme ɖo eye míexlẽa míaƒe Bibliawo. Nukata àxɔ Biblia ƒe akpaa ɖe dzi se si gblɔ be Yesu ku ɖe wò nuvɔ̃wo ta, eye màbu alesi nuvɔ̃ dze egɔme le Eden Bɔ me la ŋu akpɔ o mahã?

Mexɔe se be nu si mexlẽ la nye nyateƒe. Aleke mawɔ age ɖe eme?

Kristo ƒe Ŋutilã menye kɔmamã alo kɔmahatsɔŋkɔ o, eye biabia ɖeka si hiã hafi woanye emenɔla enye be nàxɔ Aƒetɔ Yesu dzi se. Megaxa nu be womedze si ye alo be yemeŋlɔ ŋkɔ ɖe hamea ƒe dziɖuɖu gbɔ o. Xɔ Nya la dzi se ko, ke Aƒetɔ la akpɔ nu mamlɛwo gbɔ tsã.

Hame aɖee mienyea?

Míawo míenye ɖoɖowɔha o, gake míekpea ɖe hame geɖewo kple ame akpe nanewo ŋu le xexea katã me to mawunya dɔwɔnuwo mama na wo me. Míaƒe dɔdeasie nye be míade dzi ƒo na amewo be woate ɖe Aƒetɔ Yesu ŋu geɖe wu to nusia wɔwɔ me be míatsɔ Eƒe Nyanyuie la ana amesiame le anyigba dzi.

Azɔ, Medi be maxɔ nyɔnyrɔ̃. Aleke mawɔ?

Ne màte ŋu akpɔ amea ɖe si anyrɔ̃ wò le Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe Ŋkɔ dzi o la, ŋlɔ imɛli ɖo ɖe mí kple afisi nèle eye míaɖo hame siwo le wò nuto la me la ƒe ŋkɔwo aɖo ɖe wò afisi nàte ŋu axɔ nyɔnyrɔ̃ le nyuie. Ðo ŋku edzi be, le Biblia nu la ele vevie be woanyrɔ̃ ame le Yesu ƒe Ŋkɔ dzi, ke menye bubuŋkɔ siwo nye Fofo la, Vi la, kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me o.

Ɖee miesusu be mebu le esi menye Katolikotɔ alo kɔmahatsɔŋkɔa ɖe me nɔla ta?

Aƒetɔ Yesu gblɔ bena, “Migadrɔ̃ ʋɔnu, bene woagadrɔ̃ ʋɔnu mi o.” Amea ɖeke mekpɔ ŋusẽ adrɔ̃ ʋɔnu le ɖeɖekpɔkpɔ ŋu o. Yesu gagblɔ hã bena, “Amesi ke xɔe se, eye wonyrɔ̃e la woaxɔe ɖe agbe; ke amesi ke mexɔe se o la woabu fɔe.” Eyata èɖanye Katolikotɔ, Baptistetɔ, alo Pentekostetɔ o la; ne èxɔ Aƒetɔ Yesu Kristo dzi se ko la ekema nàkpɔ ɖeɖe.

Nukae nye Voice Of God Recordings (VGR)?

Voice Of God Recordings, Inc. nye subɔsubɔdɔ aɖe si wɔa dɔ kple hamewo katã eye wòtsɔ eɖokui ɖo anyi na Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe Nyanyuiekaka. Dɔwɔnu siwo míemãna la ƒe tsoƒe gbãtɔ la enye ameyinugbe William Marrion Branham, amesi nye Mawu ƒe nyagblɔɖila kple nyanyuikakala si wonya le xexeame katã la ƒe mawunya siwo wolé ɖi la. Nusiwo míemãna woenye MP3 CDwo, DVDwo, videowo, softwarewo, agbalẽwo, nyadzɔdzɔgbalẽwo, agbalẽviwo, fotowo, nyadzɔdzɔŋɔŋlɔwo, kple yiyiɖɔwo.

Ameka enye William Branham, eye eyama ƒe nya kae kam?

Bubutɔ Branham nye nyanyuikakala xɔŋkɔ le xexeame katã amesi nɔ dɔgbedede gbedzi tso ƒe 1947 va ɖo 1965 me. Menye ɖeko wòkplɔ ame akpe teƒe akpewo yi na Kristo o, ke boŋ Mawu ɖo kpe eƒe subɔsubɔdɔ la dzi kple nukunuwo fũ. Linki sia àkplɔ wò ayi ɖe eƒe subɔsubɔdɔ me.

Ne nukunu siawo katã va me vavã la, aleke gɔ̃ nyemese nu kuɖe eŋu kpɔ o?

Biabia nyuia ɖee nye ma, eye eyae nye esi míedi be míabia hame siwo ɖem wole fia le mɔ̃ɖaŋuwo dzi egbe. Mawu dɔ nyagblɔɖila aɖe ɖo ɖa! Ke nukaŋuti amesiame mele nu ƒom tso eŋu o mahã? Ɖe wòle be woawɔe hafi.

Nukaŋuti mietea gbe ɖe William Branham dzi gbegbe?

Ðe susu ɖeka ma si ke tae Yosua te gbe ɖe Mose dzi gbegbee. Mose nye nyagblɔɖila si he Gbedeasi aɖe tso Mawu gbɔ vɛ. Nu ma ke Nɔviŋutsu Branham hã wɔ.

Mekpɔ nyɔnu siwo dea ha kple miaƒe subɔsubɔdɔ la. Nukata wo katã ƒe taɖa didi legbe eye wodo kpoyokpoyo legbewo?

Paulo gblɔ le Korintotɔwo I 11:15 bena “Ke nyɔnu la ne ɖa legbe li nɛ la, enye bubu nɛ: elabena wotsɔ ɖa legbe nɛ ɖe nutsyɔ̃nu teƒe.” Paulo gagblɔ hã bena ele be nyɔnuwo “nado awu le nɔnɔme nyuiwo me eye Mose hã gblɔ bena, “Nyɔnu aɖeke nagado ŋutsuwu o.” Ne Biblia gblɔe nenema la, ekema Kristotɔ vavãwo xɔnɛ sena.

Mewɔ nudidi aɖewo eye mekpɔ be yiyiɖɔ aɖewo hã li ko be yewoagbe nu le nusiwo Bubutɔ Branham gblɔ gbɔ. Aleke mieɖoa nya ŋu na woe?

Àkpɔ be yiyiɖɔa ɖewo hã woli ko be woagbe nu ɖesiaɖe kple nusianu, eye Biblia gɔ̃ hã. Ɖeko míebia tso gbɔwò be wò ŋutɔ nàdrɔ̃ Gbedeasi si míeda ɖe ŋkuwò me la kpakple Mawu ƒe Nya, ke menye kpakple aɖe zɔzrɔ̃e si kpɔkpɔ le bɔbɔe le internet dzi o. Miɖo ŋku dzi be, womeɖi gbɔ amea ɖeke de Aƒetɔ Yesu nu o. Ne ele nu nyuie wɔm la, ke kpɔ mɔ be woahe nya ɖe ye ŋu.

Ðoɖowɔhawo katã de alɔ nye akplo me. Ɣesiaɣi la ga ƒe nya koe.

De dze sii be teƒea ɖeke mele yiyiɖɔ sia dzi na nunana wɔwɔ o. Ne eva ɖo ɤeyiɤi si dzi wòle be míato ga biabia la, ke ɤeyiɤie de be subɔsubɔdɔ sia nawu enu. Esia meli ɖe ga ta o, ke boŋ eli be woakplɔ luʋɔwo vɛ na Yesu Kristo.

Medi be masrɔ̃ nu geɖe wu; nukae anye nye afɔɖeɖe evelia?

Biblia gblɔ bena, “xɔse la tso nya si wogblɔ me,” eyata míele ŋusẽ dom wò be nanɔ to dzi. Mawunya siwo wolé ɖi la le míasi sɔgbɔ wu 1200 si nàte ŋu axɔ ɖe wò mɔ̃ dzi femaxee Míate ŋu aɖo dɔwɔnuwo ɖo ɖe wò to postofisi nenye be nu xɔxɔ ɖe wò mɔ̃ dzi anye kuxi na wò.


www.branham.org ɖoa gbesiagbe nyadzɔdzɔwo kple ɖaseɖiɖiwo ɖa kuɖe míaƒe subɔsubɔdɔ la ŋu. Míekpe wò be nasrã mí kpɔ gbesiagbe eye naxlẽ nyatakakawo tso xɔsetɔwo gbɔ le xexeame godoo. Dɔ gã siwo Aƒetɔ Yesu le wɔwɔm le egbeŋkeke sia me fifi laa la, awɔ mo yaa na wò.