Dzolilikpo La



Nɔviŋutsu Branham ƒoa nu enuenu heɖɔna Dzolilikpo si ɖo kpe eƒe subɔsubɔdɔ dzi la. Enɔ afima le eƒe dzigbe, ame akpe akpewo kpɔe le Ohio Tɔsisi la ƒe gowo dzi, eye ewɔ abe ekplɔnɛ ɖo yia afisiafi si wòyina la. Ƒe 1950 mee Aƒetɔ tsɔ kpeɖodzi madamada sia na xɔsetɔwo kple dzimaxɔsetɔwo siaa kuɖe Dzolilikpo si nɔa anyi kple nyagblɔɖila la ŋu.

Sam Houston ƒe Fefewɔxɔgã la bla kɔtɔɔ kple ɖeklemiɖeɖe le zã ma me. Nɔviŋutsu Branham nɔ dɔyɔyɔ ƒe nyɔnyɔ̃ takpekpea ɖewo wɔm si kplɔ nu to anyigba ma katã dzi. Aƒetɔ Yesu ƒe yayrawo nɔ dzadzam sigbe tsidzadza ene ɖe gbɔgbɔme ƒe lugble la dzi. Gake dzesi gã kple nukunu gãa siawo katã meva eme nyahehe manɔŋui o. Abe alesi wònɔna ɖaasi ene la, futɔ la fɔ tsitretsilawo ɖe tsitre. Ŋusẽ eveawo va kpe le Houston, Texas, eye Aƒetɔ ƒe Dɔla la Ŋutɔ ɖi va xɔ aʋa la wɔ.

Ame akpe nanewo va ɖi anyi xoxo hena nukunu geɖe siwo womate ŋu axlẽ o si kplɔ Mawu ƒe ame la ɖo la teƒe kpɔkpɔ. Ŋkeke ɖeka do ŋgɔ la, osɔfowo ƒe hatsotsoa ɖe si le nutoa me do aɖika kple nyagblɔɖila hena nyaʋawɔwɔ kuɖe Mawume dɔyɔyɔ ŋuti, ke aɖikadodo la dze Bubutɔ F.F.Bosworth, amesi nye nyagblɔɖila ƒe zɔhɛ nuteƒewɔla la dzi. Baptiste Osɔfoa ɖe li si hena dziɖuɖu vɛ na nyahelawo eyae nye gbetsɔla na amesiwo hea nya ɖe Mawume dɔyɔyɔ ŋuti la. Wofi tofi le nyaʋliʋli gã si le eme va ge la ŋuti na nyadzɔdzɔgbalẽwo, eye kaba la woawo woŋlɔe tanyagã ɖe pepa me be, “Mawunusɔsrɔ̃ ƒe Kametete Ayi Dzi Le Egbefiẽ ga 7 me. Le Sam Houston Fefewɔxɔgã me.”

Ɖikela la da fotoɖelaa ɖe si nye dɔƒetɔ, si ŋkɔe nye Ted Kipperman la tso Douglas Fotoɖeƒea me, be woava ɖe foto nyaʋawɔwɔ la. Le fiẽsi maa la, woɖe fotowo Nɔviŋutsu Bosworth wòtsi tre ɖi kpo le ɖikela ma ƒe axa dzi esime eya le vɔvɔ̃doame ƒe nɔnɔmewo ɖem le fiafiam; esiawo ƒe ɖekae nye be edo asibidɛ ɖe ŋutsu fatu la ƒe ŋku me.

Esime nyaʋawɔwɔ la dze egɔme la, Bubutɔ Bosworth tsɔ Ŋɔŋlɔawo heɖee fia le ɤeyiɤi ʋeea ɖe me be Mawume dɔyɔyɔ nye nu vavã kple nyateƒe, emegbe bene nyabiasea ɖeke magava nɔ eŋu o la, ebia tso amesiwo katã kpɔ dɔyɔyɔ tso woƒe dɔléléwo me la si be woatsi tre. Ame akpewoe nye amesiwo tso ɖe woƒe afɔwo dzi. Esime amesiwo kpɔ dɔyɔyɔ la gabɔbɔ nɔ anyi vɔ la, egabia se be azɔ amesiwo nye ŋutsu sia ƒe hamea metɔ siwo kpɔ dɔyɔyɔ eye wonye ame wɔnuteƒewo na eƒe kɔmahatsɔŋkɔa la woawo ɖeɖe natsi tre. Hamevi alafa etɔ̃ sɔŋ tsi tre heɖee Aƒetɔ Yesu ƒe nublanuikpɔkpɔ na wo la fia ŋukpe manɔmee.

Ɖikela sia gadoa aɖika bubu azɔ bena. “Mina Mawume dɔyɔla la ŋutɔ nazɔ va ŋgɔgbe. Mina wòawɔe míakpɔ.” Nɔviŋutsu Bosworth ɖe eme wòkɔ bena Yesu ɖeka koe nye Mawume Dɔyɔla, gake ɖikela sia ƒe nyanyrã ganɔ dzi dem kokoko. Mlɔeba la, Nɔviŋutsu Bosworth kpe Nɔviŋutsu Branham be woava nyagblɔkpea dzi. Elɔ̃ ɖe kpekpe la dzi tete megbededeameɤliwo de asi ɖiɖi me.

Esi me Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ nyagblɔɖila fũ la, ena ŋuɖoɖo siawo:

Nyemate ŋu ayɔ dɔ amea ɖeke o. Nya sia megblɔna. Esi menye vidzĩ wodzi le Kentucky Dukɔa me le afima la, le danye lɔlɔ̃a ŋutɔ ƒe nyagbɔgblɔ nu, eye wonye nane dzi woɖo kpee le nye agbe me katã, Kekelia ɖe ge ɖe eme, le xɔ xoxoe, siwo ƒoƒu ɖe afima la dome, esiwo me xɔ sia hã le, wometre nu ɖe eƒe anyigba o, eye fresẽ teti hã mele eŋu o, nu xoxoea ɖe koe nɔ eŋu le afima abe fresẽ ene, enye nane si le abe ʋɔtru ene, eye woɖo asii wòʋu anɔ abe ŋdi ga atɔ̃ me ene, eye Kekeli sia ƒo xlã le xɔa me le fɔŋlĩ ŋu ƒe keke me ko. Tso keke ɤemaɤi ke la, Eli kplim. Enye Mawu ƒe Ɖɔla. Ƒea ɖewo si va yi la Edo gom abe ame ene. Le nye agbe katã me la, Egblɔna nusiwo va dzɔna la nam, eye alesi wogblɔ woe nam la eya tututue megblɔna. Ke medo aɖika amesiame le teƒe sia teƒe, be neyi du si me wonyim le, alo afisiafi, si megblɔ nyaa ɖe le le Aƒetɔ La ƒe Ŋkɔ me, negbe ɖe woava eme pɛpɛpɛ abe alesi wògblɔe be ava me ene.

Kasia wògblɔ nya siawo vɔ ko la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖi va nyagblɔkpea dzi, eye fotoɖela zazɛ la ɖe foto. Nɔviŋutsu Branham dzo le nyagblɔkpea dzi kple nyagbɔgblɔ gblɔea ɖe, ke enye nyagblɔɖilawo ƒe nuƒoƒo bena: “Mawu aɖi ɖase. Nyemegale nyaa ɖeke gblɔ ge o.”

Amegã. Kipperman ƒe dɔwɔwɔ habɔbɔ la yi ɖe foto kɔklɔ dzi kabakaba na tsɔ si gbɔna ƒe nyadzɔdzɔgbalẽwo ƒe ŋudɔwɔwɔ. Ede dzesi nane si wɔ mo yaa nɛ ŋutɔ esi wòklɔ gbãtɔ la le fotoklɔtsi la me. Esia, abe atɔ̃ mamlewo siwo woɖe ene la edzi le ƒuƒlu. Esi wòɖe mamletɔa do goe le fotoklɔtsi la me la etsɔ asi ɖo eƒe dzi dzi hemu dze anyi tsɔ mo bu. Le gama la, le foto mamletɔ ma dzi la, Dzolilikpo lae nye ekem woate ŋu akpɔ keŋ le afima tɔ te ɖe Mawu ƒe nyagblɔɖila, William Marrion Branham ƒe tame.

Israel-viwo kpɔ Dzolilikpo si kplɔ Mose, eye egbeŋkekeme-viwo hã kpɔ Dzolilikpo ma ke si gakplɔ nyagblɔɖila bubu.

Kaba la wotsɔ foto la de asi na George J. Lacy, amesi nye Agbalẽ siwo ŋu Anukutsɔtsɔ le la ƒe Dodokpɔ Ŋudɔnyala na Amerika ƒe F.B.I., eyae nye amesi ɖo kpe foto la dzi kple dɔnyala ƒe nukpɔsusu. Agbalẽ la ŋutɔ si George J. Lacy ŋlɔ la le axa si gbɔna la dzi.

Nusia va me xoxoxo, hafi kɔmputa kple digital fotoɖeɖe va to eye dzɔdzɔmenunya menya mɔnu bubua ɖeke si aɖe nusia gɔme, tsɔwu be Kekeli ŋutɔŋutɔ nɔ afima le William Branham ƒe tame. Egbegbe la woagate ŋu akpɔ fotoɖeɖe sia le Amerika Dukɔƒoƒuwo ƒe Sewɔƒegã la ƒe Agbalẽdzraɖoƒea, si ke le dukɔa ƒe fiadu, Washington DC.