Ɖekakpuime Ƒewo



Le eƒe agbe katã me la, edzroa Nɔviŋutsu Branham vevie be yeayi gbedadaƒo. Esime wòxɔ ƒe 18 la, edzo le Indiana heɖota ɖe ɤetoɖoƒe ƒe to klitsuwo dzi. Eƒe Arizona nɔnɔ la teƒe medidi fũ hafi nuwo va zu dzizizi nɛ be wòatrɔ gbɔ o.

Gbeɖeka la metso nya me be madi mɔa aɖe ato ale be magbe nu le yɔyɔ sia gbɔ gbidii. Meɖo ta ɤetoɖoƒe be mawɔ dɔ le lãnyiƒe aɖe. Xɔ̃nye, Mawu nye gã le afima hã abe alesi wòle le afisiafi ene. Nye numetoto la nezu viɖe na wò héé. Ne Eyɔ wò la, natɔ Nɛ.

Gbeɖeka ŋdi le Anyɔnyɔ̃ ƒe 1927 me la, megblɔ na danye be mazɔ mɔ ayi asara-takpekpe le Tunnel Mill, afisi anɔ abe agbadroƒe wuiene tso Jeffersonville teƒe si míenɔ ɤemaɤi la gbɔ. Mewɔ ɖoɖo xoxo hena Arizona yiyi kple xɔ̃nye aɖewo. Hafi danye nagava se ŋkɔnye la, nyemenɔ Tunnel Mill o ke boŋ Phonix, Arizona, elabena menɔ sisim le Lɔlɔ̃ Mawu la ŋu. Lãnyiƒea ƒe agbenɔnɔ dze edzi nam ɤeyiɤi via ɖe ko, gake eya hã va ti ame kaba, abe xexeame ƒe vivisese ɖesiaɖe ene. Gake la, magblɔ le afisia be, Woakafu Mawu be, numetoto kple Yesu ya dea dzi tso vivisese me yia vivisese me ɖaa ɖaa ke metia ame gbeɖe o. Yesu naa ŋutifafa blibo kple akɔfafa ɤeawo katã ɤi.

Zi geɖe la mesea ya ƒe ƒoƒo le fɔfɔli-ti kɔkɔwo me. Ele ko abe ɖe magate ŋu ase ȃe gbe si le yɔyem le avetsua ɖe me, le gbɔgblɔm nam ɖaa bena, “Adam, afikae nèle?” Ewɔ abe ɖe ɤletiviwo te va ale be nàte ŋu agbe wo faa kple asi ene. Ewɔ abe ɖe Mawu te tum ale gbegbe.

Nu ɖeka si wɔ abe ɖe gɔmesese fũ gale esi nam kokoko kuɖe dukɔ ma ŋuti la enye eƒe gbedzimɔawo. Ne ètra mɔ ko la, nàbu bɔbɔe. Zi geɖe la tsaɖilawo kpɔa gbedzi seƒoƒowo eye wotrana le mɔ gãwo dzi be woɖayi gbe wo. Wotsaa tsaglãla le gbeadzi ʋuu búna eye ɤea ɖewo ɤi gɔ̃ hã la tsikɔ tia wo ʋuu wokuna. Eye nenema ke wòle le Kristo ƒe mɔa dzi–Mɔ gãa ɖe le Mawu si. Eƒo nu tso eŋu le Yesaya, ta 35 lia me. Woyɔe be “Mɔtata Kɔkɔe.” Zi geɖe la xexeame ƒe vivisese suesuewo akplɔ wò atrae le mɔ gã sia dzi. Ale nàbu wò numetoto kple Mawu. Ne èbu le gbedzi, ɤea ɖewo ɤi la bleziblezi adze na wò. Amesiwo ke tsikɔ wu kaka ɖo kudo nu la, bua bleziblezi la ɖe tɔsisi alo ta teƒe. Zi geɖe amewo ƒua du kplɔnɛ ɖo hedzea anyi dze eme hafi va nyana be ke xɔdzo sɔŋ ko lem yewole. Ɣea ɖewo ɤi Abosam atsɔ nane afia wò si dzi wòada ŋkɔ ɖo be agbe vivi ɖuɖue. Ke kpɔ ɖa bleziblezi sɔŋ ko wònye, nane si menye nu ŋutɔŋutɔ o lae. Ne èɖo toe la àkpɔ ɖokuiwò be yeli kɔ nuxaxa ɖe ye ŋutɔ ƒe ta dzi. Megaɖo toe o, nuxlẽla lɔlɔ̃a. Xɔ Yesu dzi se eyae nye amesi nana agbetsi amesiwo dɔ kple tsikɔ le wuwum la.

Gbeɖeka mexɔ léta tso mía de be nɔvinye ŋutsuwo dometɔ ɖeka le dɔ lém vevie. Eyae nye Edward, amesi dzɔ ɖe yonyeme. Ke hã la nyemetsɔe be dɔa sesẽ nɛ o, mebui be eƒe lãme lasẽ. Gake le ŋkeke ʋeea ɖewo megbe ko esi metrɔ gbɔ tso dua me le fiẽsia ɖe la meto lãnyiƒea ƒe nuɖuxɔgã me eye agbalẽvia ɖe nɔ kplɔ̃ dzi. Metsɔe. Woŋlɔ ɖe edzi be, “Bill, do go va gbeɖuƒe si le dziehe gome. Ele vevie ŋutɔ.” Esi mexlẽ agbalẽvia vɔ la nye kple xɔ̃nye míedo go yi lãwo ƒe gbeɖuƒe la. Ame gbãtɔ si míedo go lae nye Sɔdola tsitsi xɔŋkɔ aɖe si le dɔ wɔm le lãnyiƒea. Èŋkɔe nye Durfy, gake míawo míeyɔnɛ be “Pop.” Eɖo nublanuimo hegblɔ nam bena, “Billy sue, dzɔgbevɔe nyaa ɖe le asinye na wò.” Le gaƒoƒo ma dzi tututu la dɔdzikpɔla la hã zɔ gbɔna. Wogblɔ nam bena teligram ƒe du va fifi laa be nɔvinyeŋutsu ku.

Xɔ̃nye lɔlɔ̃a, hena ɤeyiɤi aɖe la nyemegate ŋu ʋã o. Emae nye ku gbãtɔ si dzɔ le míaƒe ƒomea me. Azɔ medi be magblɔ bena nyabiase gbãtɔ si va tame nam lae nye be ɖe wòdzra eɖokui ɖo na ku fifia. Esi metrɔ hetsa ŋku kpɔ aŋgba ɖiɖiwo le dzogbea kpeɖo la, aɖatsiwo tsiɔ to nye alɔgowo dzi. Aleke gbegbe meɖo ŋku nye kplii ƒe fukpekpewo dzie esime míenye ɖevi dzaawo ko kple alesie nuwo me sesẽ na mí ŋutɔ la.

Bebli hafi míekpɔna nu via ɖe ɖuna le míaƒe sukudeɤi. Míedona afɔkpa vuvu si ɖea míaƒe afɔbidɛwo ɖe xexe eye enye dzizizi na mí be míado kotu xoxo siwo léa ve elabena míedoa awutewuia ɖeke o. Megaɖo ŋku dzi gbesigbe danye ku blitɔtɔe ɖe tɔkpo sue aɖe me na mí be míawɔ ŋdɔnuɖuɖue la. Míeɖua nu kple ɖevi susɔeawo o. Míate ŋu aƒle nuɖuɖu si sɔ kple wo tɔ la o. Míesina dzaa heyia togbea ɖe dzi ɖaɖua nu. Meɖo ŋui be gbesigbe wotsɔ blitɔtɔe la na mí la azã ŋutɔŋutɔ wònye míebui. Bene maka ɖe edzi be makpɔ tɔnye sinua la medo go hafi gawuieve ƒo, heyi ɖaku asiʋlo ɖeka gbã hafi nɔvinye ŋutsuvia va lɔ yetɔ.

Ke esi metsi tre ɖe afima nɔ gbe yɔyrɔe siwo ŋdɔ ɖu woƒu zu hẽ la kpɔm la nye susuwo yi nusiawo katã dzi eye mebia ɖokuinye be ɖee Mawu kplɔe yi teƒea ɖe si nyo wu esia fifia. Ale Mawu gayɔm ake, gake meʋli be matsi gbe ɖe enu abe alesi mewɔna kokoko ene.

Medzra ɖo hegbɔ va kuteƒea. Ke Bubutɔ McKinny tso Port Fulton Hamea mee gblɔ kuteƒe mawunya la, ŋutsu sia le nam abe fofonye ene, egblɔ bena “Đewomahĩ amea ɖewo gale afisia siwo menya Mawu o, ne èle afisia nenema la, kpɔ mɔ Nɛ azɔ.” Oo, melé nye zikpui la sesĩe, Mawu gaɖo nya kplim vɔ keŋ. Nuxlẽla lɔlɔ̃a, ne Èyɔ wò la, tɔ nɛ.

Nyemaŋlɔ̃ be kpɔ gbeɖe alesi Papa kple Dada daheawo wofa avie le kunuawo wɔwɔ megbe o. Medi be magatrɔ yi ɣetoɖoƒe gake Danye ɖe kuku nam vevie be matsi anyi ale meva lɔ̃ ɖe ye tɔa dzi mlɔeba ne anye be mate ŋu akpɔ dɔwɔɖuia ɖe awɔ ko. Eteƒe medidi o mekpɔ dɔ le Public Service Company me le Indiana, afisie megale dɔ wɔm le fifia hã.

Anɔ abe ƒe eve aɖewo megbe la esime menɔ mitawo dom kpɔ le mitadɔwɔƒe si le Gaz Dɔwɔƒe le New Albany la eva me be Gaz gbã ƒo ɖe ŋutinye hedo dɔm kwasiɖa geɖe. Meyi dɔyɔla siwo katã menya la gbɔ ke meka ɖe me nam o. Gaz ƒe aɖi ɖo dɔme nam, esi wɔm be menɔ dɔ lém. Enɔ gã dom ɖe dzi ɤesiaɤi. Wokɔm yi ɖe dɔyɔla tɔxɛwo gbɔ le Louisville, Ky. Woawo gblɔ mlɔeba be appendix ye eye ɖeko wòle be woawɔ dɔ nam. Nyemexɔ esia se o, elabena dɔme ƒe akpa ɖeka menɔ veyem o. Dɔyɔlawo be naneke meli yewoagate ŋu awɔ nam vaseɖe esi woawɔ dɔ nam o. Mlɔeba la meva lɔ̃ be woawɔe gake mete gbe ɖe dzi be woawu teƒe si ko ge woala la ɖeɖeko ale bena nye ŋutɔ mate ŋu anɔ ŋu akpɔ dɔwɔwɔa teƒe.

Oo, mehiã amea ɖe si nya Mawu be wòatsi tre ɖe gbɔnye. Mexɔa gbedodoɖa dzi sena gake nyemete ŋu donɛ ɖa o. Eyata Osɔfoa ɖe si tso Baptiste Hame Gbãtɔa me la kplɔm yi amekoxɔa me.

Esime wokɔm tso amekokplɔ̃a dzi yi nye aba me vɔ la mese le menye be menɔ gbɔdzɔgbɔdzɔm ɖe dzi wu ɤesiaɤi. Nye dzi nɔ dɔ wɔm vie ko. Ku ƒo ɖe dzinye vɔ keŋ. Gbɔgbɔtsixe ganɔ ƒonye tsim ɖe dzi wu tsã. Menya be meɖo nye mɔ la ƒe nuwuwu. Oo xɔ̃nye lala vaseɖe esime naɖo afima gbeɖeka, ekema nèle nu geɖe siwo nèwɔ la ŋu bu ge. Menya be nyemeyɔ atama kpɔ o, no aha alo nɔ agbe ƒoɖi aɖeke kpɔ o gake menyae hã be nyemesɔ gbe ado go kple nye Mawu o.

Xɔ̃nye, ne enye hamevi yɔyrɔe aɖe ko la àva kpɔe ne èɖo nuwuwu bena yemedzra ɖo o. Ekema nenye numa katã ko nenya tso Mawu ŋu la, mabia tso gbɔwò fifi laa le afisia be nàyi wò klo dzi abia Yesu be wòana Gbugbɔgadzi ƒe numetoto ma, si ƒe nya Wògblɔ na Nikodemo le Yohanes, ta 3 me la wò hã, ekema oo aleke gbegbe dzidzɔ gawo anɔ ɖiɖimi. Woakafu ȃe Ŋkɔ.