Ŋkeke Mamleawo Ƒe Nyagblɔɖila Ŋugbedodo



Nya mamle siwo woŋlɔ ɖe Nubabla Xoxoa me la gblɔ ŋugbedodo sia bena: “Kpɔ ɖa, madɔ nyagblɔɖila Eliya aɖo ɖe mi, hafi ne YEHOWA ƒe ŋkeke gã dziŋɔ la nava ɖo: ne wòatrɔ fofowo ƒe dziwo ɖe viwo ŋu, eye viwo ƒe dziwo ɖe fofowo ŋu, ne nyemagava atsrɔ̃ anyigba la gbidigbidi o.” (Mal 3:23-24)

Aƒetɔ ƒe ŋkeke gã dziŋɔ la meva haɖe o ekema edze be míakpɔ mɔ vevie na nyagblɔɖila Eliya. Le Biblia me la, nyagblɔɖilawo mevana subɔsubɔ ƒe ɖoɖowɔha nyanyɛwo gbɔ o. Ke boŋ woyina ɖe ame ʋeea ɖewo si wotia la gbɔ. Bu nya sia ŋu kpɔ nenye bena ɖe nyagblɔɖila si le Maleaxi 3:23 me va vɔ, ke wodae ƒu mahã. Aleke wòanye nenye be eva abe tsã ƒe nyagblɔɖilawo ene, ke wònye ame ʋeea ɖewo koe kpɔe dze sii mahã? Nenye be nyagblɔɖila agatrɔ ava le ŋkeke mamlea siawo me la, aleke míawɔ adze sii? Ŋuɖoɖo la dze ƒã le Ŋɔŋlɔawo me. Nyagblɔɖila ƒe dzɔdzɔme anɔ eyama si. Adze si dzimenya ɤaɤlawo. Awɔ nukunuwo. Subɔsubɔ ƒe ɖoɖowɔhawo ladi be yewoado vloe. Gake ame ʋeea ɖewo ya woade dze sii abe ŋkekea ƒe Gbedeasitsɔla si ƒe ŋugbe wodo la ene.

Aleke míele Eliya ƒe tɔtrɔva sia nya gee? Dzesidede kawoe wòaɖe afia bene míadze sii?

Eliya nye gbedzime. Dzesi kple nukunu gã geɖewo dze eƒe subɔsubɔdɔ la yome. Egblɔ mawunya tsi tre ɖe nuvɔ̃ɖiwɔwɔ siwo nɔ edzi yim le eŋɔlime la ŋuti. Vevietɔ egblɔ mawunya tsi tre ɖe Fianyɔnu Izebel ƒe agbevlonɔnɔ ŋu. Esi wokɔ Eliya yi Dziƒo le dzotasiaɖam me la, eƒe gbɔgbɔ va Elisa dzi. Esiata dzesi kple nukunu dzɔtsuwo kplɔ Elisa ƒe subɔsubɔdɔ la ɖo, ke eya hã gblɔ mawunya tsi tre ɖe xexeame ƒe nuvɔ̃wo ŋuti. Nyagblɔɖila eve siawo katã dɔmetɔ ɖesiaɖe tsi tre ɖe subɔsubɔ ƒe ɖoɖowɔhawo ŋuti le ŋkeke ma me. Anɔ ƒe alafawo megbe la, gbɔgbɔ ma ke gatrɔ va anyigba dzi le Yohanes Amenyrɔ̃la me. Nyagblɔɖila Maleaxi gblɔ ɖi bena Eliya atrɔ ava akplɔ Aƒetɔ la ge ɖe eme: “Kpɔ ɖa, mele nye dɔla dɔ ge ɖa, ne woata mɔ le ŋgɔnye…” (Maleaxi 3:1). Yohanes Amenyrɔ̃la wɔ nenem ƒe nu sia pɛpɛpɛ esime woyɔ Mawu-viwo va dzimetɔtrɔ gbɔ. Abe Eliya ene la, egblɔ mawunya tsi tre ɖe fia kple ɖoɖowɔha siwo nɔ anyi le ɤemaɤi me la ŋuti. Aƒetɔ Yesu ɖo kpe edzi le Mateo ƒe Agbalẽ (11:10) me bena Yohanes Amenyrɔ̃lae nye Maleaxi 3 ƒe nyagblɔɖila la: “Eyae nye amesi ŋuti woŋlɔ ɖi le bena, Kpɔ ɖa, mele ye dɔla dɔm ɖo ɖe ŋgɔwò, amesi adzra wò mɔ la ɖo le ŋgɔwò.” Luka 1:17 gblɔ bena Eliya (Elias) ƒe gbɔgbɔ anɔ Yohanes Amenyrɔ̃la dzi, “Eye wòanɔ eŋgɔ le Eliya ƒe gbɔgbɔ kple ŋusẽ me be woatrɔ fofowo ƒe dziwo ava ɖeviwo gbɔ.” Ke miade dze sii be Maleaxi 3:24 ƒe akpa evelia susɔ ava wu enu eyae gblɔ be: “…eye viwo ƒe dziwo ɖe fofowo ŋu, ne nyemagava tsrɔ̃ anyigba la gbidigbdi o.” Kpukpui la ƒe akpa sia awu enu do ŋgɔ na Kristo ƒe Vava Evelia.

Esi ƒe akpe eve va yi le Yohanes Amenyrɔ̃la megbe vɔ la, ɤeyiɤi gade ake be Eliya ƒe gbɔgbɔ la nagatrɔ ava anyigba dzi.

Ŋkeke ma va ɖo! Le agbenɔɤi sia me, míekpɔ Eliya ƒe gbɔgbɔ si trɔ va la. Ehe nya ɖe subɔsubɔ ƒe ɖoɖowɔha egbetɔawo ŋu. Etsi tre ɖe xexeame ƒe nuvɔ̃wo ŋu. Efia dzesi kple nukunu geɖe siwo ŋu xexlẽme mele o. Eɖe gbeƒã Biblia tso Mose I vaseɖe Nyaɖeɖefia nya-ɖe-nya dzi. Maleaxi 3:23 ƒe nyagblɔɖila sia va xoxo abe alesi wodo eƒe ŋugbe la ene, eye ehe Gbedeasi vɛ tso Mawu Ŋusẽtɔ ƒe Fiazikpui gbɔ. Nyagblɔɖila sia ƒe ŋkɔ enye William Marrion Branham. Míeyɔnɛ be “Nɔviŋutsu Branham.”

“William Branham, amesi melɔ̃na vevie hexɔ edzi se bena enye Mawu ƒe nyagblɔɖila.”

Oral Roberts, nyanyuiegblɔla si xexeame katã nya nyuie kple amesi ɖo Oral Roberts University la.

“William Branham va míagbɔ abe Mawu ƒe nyagblɔɖila ene hetsɔ nusiwo míekpɔ le Nyanyuie me la fia mí kɔtɛ le ƒe akpe eve mamle siawo me…Mawu gasrã eƒe dukɔ la kpɔ, elabena nyagblɔɖila gãa ɖe tsi tre le mía dome.”

Dɔk. T.L. Osborn, Pentekosteawo ƒe nyanyuiegblɔla kple agbalẽŋlɔla blibo.

“Hafi wòado gbe ɖa ɖe amewo ta la, egblɔa nu sue ɖesiaɖe tso amea ƒe dɔlélé ŋuti, kple eƒe agbe ƒe nu suesuewo katã-wo dedu, dɔ si wowɔna, wɔnawo-ʋuu keke ɖo esiwo dzɔ tso woƒe ɖevime gɔ̃ hã dzi. Branham mewɔ vodada ziɖeka kpɔ hã kple sidzedze ƒe nya le ƒe siwo katã menɔ anyi kpakplii la me o. Le gbɔnye la, nusia, akpe nudzɔdzɔ akpe nanewo ɖo.”

Ern Baxter, Nyanyuiegblɔla, Branham ƒe Takpekpewo ƒe Dzikpɔla le ƒe adrẽ sɔŋ me, kpakple British New Church Movement ƒe kplɔla gbãtɔwo dometɔ ɖeka.

Tso keke esime Aƒetɔ Yesu Kristo to anyigba dzi va yi la amea ɖeke megaɖo ho ɖe xexeame dzi kpɔ nenema gbegbe o. Tso eƒe gɔmedzedze gbloe le atixɔe nu ɖeka me nɔnɔɤi le Kentucky ƒe togbewo dzi ke, vaseɖe Amarillo, Texas, afisi Aƒetɔ yɔe yi Aƒe le la, amlima nudzɔdzɔwo sɔŋ dea dzesi eƒe agbe ŋu ɤesiaɤi. Le Aƒetɔ ƒe Dɔla ƒe amekplɔkplɔ nu le ƒe 1946 me la, Nɔviŋutsu Branham ƒe subɔsubɔdɔ la tɔ dzo ɤeyiɤi si dɔyɔyɔ ƒe nyɔnyɔ̃ bi to Amerika heyi xexeame katã. Vaseɖe egbegbe la, Kristotɔ blemaŋutinyaŋlɔlawo dze si eyama abe amesi nye “fofo” kple “gɔmedzela” na 1950 me ƒe dɔyɔyɔ ƒe nyɔnyɔ̃ si na be Pentekoste Hamea kpɔ tɔtrɔ eye wòyi dzi kaka na dzidziɖedzi Gbɔgbɔmehawo ƒe zɔɖeɖea, si ke ɖo ho ɖe Protestant ƒe kɔmahatsɔŋkɔwo katã kloe hã dzi. Ke hã la, abe alesi wonɔna kokoko ene la, kɔmahatsɔŋkɔwo metsɔ asixɔxɔa ɖeke na eƒe nufiafiawo o ale wogbe nu le eƒe dɔdɔ la gbɔ.

Afisiafi si wòyi la, Mawu ɖoa kpe dzi bena Nɔviŋutsu Branham enye dzidzime sia ƒe nyagblɔɖila. Abe Hiob ene la, Aƒetɔ la ƒo nu nɛ le yali me. Abe Mose ene la, wokpɔe be Dzo Lilikpo la nɔ ekplɔm. Abe Mixa ene la, osɔfoha la gblɔ nya vlowo ɖe eŋu. Abe Eliya ene la, enye gbedzime. Abe Yeremia ene la, Mawudɔla na dɔdɔe. Abe Daniel ene la, ekpɔ ŋutegawo kuɖe tsɔ si gbɔna la ŋu. Abe Aƒetɔ Yesu ene la, enya dzimenya ɤaɤlawo. Eye abe Paulo ene la, eyɔ dɔ dɔnɔwo.

Aƒetɔ la gasrã Eƒe dukɔ la kpɔ kple nyagblɔɖila. Le ŋutinya ƒe ɤeyiɤi doviviti tsiɖitsiɖi sia me, esime agbenyuinɔnɔ yi to keŋkeŋ alesi womekpɔ kpɔ o eye aʋawɔnuwo siwo wua ame hahoo la de xa ɖe agu nu la, ame gblɔe aɖe tso Mawu ƒe ŋku me si wodɔ ɖa be wòayɔ dzidzime sia si le kukum hena dzimetɔtrɔ.

Nusrɔ̃la lɔlɔ̃a Yohanes ŋlɔ tso Aƒetɔ Yesu ŋu bena:

Ke nu bubu geɖe siwo Yesu wɔ la, hã gali, esiwo, ne woaŋlɔ wo ɖekaɖeka la, mebu bena xexeame ŋutɔ mele ŋu te ge axɔ agbalẽ, siwo ŋlɔ ge woala o. Amen. (Yohanes 21:25)

Woate ŋu agblɔ nya ma ke le Nɔviŋutsu Branham ƒe agbe ŋuti. Mawunya ƒe nyaƒokawo li wu 1,200 siwo me ŋutsu kalẽtɔ sia ƒe ŋutinyawo le de akpe nanewo. Gake la míekpɔtɔ le ɖaseɖiɖi yeyewo sem ɤesiaɤi kuɖe hoɖoɖo si wòɖo ɖe ame millions ƒe agbe dzi la ŋu ɖaa. Hoɖoɖo si Mawu ƒe ame sia ɖo ɖe xexea katã dzi la agbalẽvi sia mate ŋu agblɔ edzitɔa gɔ̃ hã o.