Gɔmedzedzea



“Esime wodzim le atixɔ suea ɖe me le Kentucky afima la, Aƒetɔ ƒe Dɔla va fresẽ la nu hetɔ ɖe afima. Dzo Lilikpo aɖe nɔ afima.”

Ŋdi kanya ƒe viviti la nɔ tetem ɖa le Afɔfie fafɛ ƒe dziŋgɔli. Atifresẽ ɖekɛ la, nɔ ʋuʋu ɖi be ŋdi kekeli la nage ɖe atixɔ sue la me. Xevi akɔtadzĩ aɖe si dze ɖe teƒe si medidi tso fresẽ la gbɔ o la wɔ abe ɖe wòle dzidzɔ kpɔm ŋutɔ ŋdi ma ene hele ha dzim kple ɤli. Le atixɔ sue la me la, ɖekakpui Charles Branham do asi ɖa tsɔ eƒe awu dzi-kple-anyi la heɖe ŋku nɔ srɔ̃a si xɔ ƒe 15 la kpɔm. “Míayɔe be William,” fofoa gblɔ nenema.

Le fresẽa nu la Kekeli wɔnukua ɖe va. Kekeli la zɔ to xɔa me heva tɔ ɖe abati si dzi wòdzi vidzĩ yeye la ɖo eteƒe medidi o ƒe tame. Kekeli ma tutue kplɔ Hebriviwo tso Egipte. Kekeli ma ke Paulo do go le Damasko mɔ dzi. Ke eyae le edzi yi ge akplɔ ɖevi sia si ayɔ Kristo ƒe Ŋugbetɔ la tso xexea me. Kekeli ma menye nu bubua ɖeke wu Aƒetɔ la ƒe Dɔla, si nye Dzo Lilikpo o; ke zi ɖeka ake la egadze na amegbetɔ.

Ake le afima, le atixɔ sue sia me la, le Afɔfie ƒe ŋkeke 6 lia ma dzi la, vixela la ʋu fresẽ la bene kekeli naklẽ ɖe xɔa me ne Dada kple Papa nate ŋu akpɔ nye nɔnɔme nyuie. Ke Kekeli si keke abe suɖui ƒe kekeme ene la to fresẽa nu nɔ totrom ge ɖe xɔa me. Eƒo xlã afisi mele, eye wòyi aba la dzi. Todzitɔwo geɖewo nɔ tsitre ɖe afima. Wonɔ avi fam.

Wotu aƒe sue maɖinu sia ɖe togbewo dzi le Kentucky ƒe anyiehe, si te ɖe Burkesville du sue la ŋu. Ŋkeke lae nye Afɔfie 6, 1909. Ɖevi siae nye vi ewo siwo Charles kple Ella Branham woava dzi la ƒe ŋgɔgbevi.

Eteƒe medidi o hafi Aƒetɔ la ƒe Dɔla gava ŋutsuvi William Branham gbɔ ake o.

Esi Mawudɔla la ƒo nu kplii zi gbãtɔ, le eƒe ɖevime la, egblɔ nɛ bena ava nɔ agbe le du si woyɔna be New Albany la kasa. Eyi ɖabɔ nudzɔdzɔ sia na dadaa si le aƒe me. Abe vidada ɖesiaɖe ene la, eya metsɔe wɔ dɔe kakaka o ke boŋ eble via nu hetsɔe mlɔ anyi be eƒe dzi nadze me. Le ƒe eve megbe la, woƒe ƒome la ʋu yi Jeffersonville, Indiana, afisi didi agbadroƒe ʋeea ɖewo ko tso Indiana dugã la ƒe anyiehe gome si le New Albany gbɔ.

Mawudɔla la gava ƒo nu na nyagblɔɖila ɖekakpui la le ƒea ɖewo megbe. Enye Anyɔnyɔ̃ ƒe ŋkeke bɔkɔɔ aɖe dzi eye ŋdɔkutsu dzatsɛ nɔ keklem to keleme ƒe aŋgba biabiãwo me. Ɖevi la nɔ bu tɔm hedro tsi tɔkpo sue eve to afɔmɔe aɖe dzi yina. Etsɔ blitikpoe bla ɖe eƒe afɔtakpoebi te be megalɔ ɖi o. Ebɔbɔ nɔ anyi be yeadzudzɔ le poplati aɖe ƒe vɔvɔli te. Eƒe Aɖatsiwo nɔ tsiɔtsiɔm le eƒe ŋku me elabena nya wui wòle avi fam: xɔ̃lɔ̃awo yi akpa ɖeƒe kple dzidzɔ le ta aɖe si le nuto ma me la me, ke enye dzizizi na eya be wòaku tsi na fofoa. Kasia kpata la, ya de asi totro me le etame le atia me. Etutu eƒe aɖatsiwo kaba hetso ɖe eƒe afɔwo dzi. Enɔ aŋgbawo ŋkɔ sem alesi ya nɔ wo ƒomi la…gake ya aɖeke menɔ ƒoƒom hafi o. Ekɔ ta dzi, eye le poplati la ƒe domedome lɔƒo la, nane nɔ aŋgba ƒuƒuwo trom.

Kasia la Gbe aɖe ƒo nu be, “Megano aha o alo ayɔ atama, alo aƒo ɖi wò ŋutilã to mɔa ɖeke dzi o, dɔ aɖe li nava wɔ ne etsi.” Ƒe adrẽ-vi la tsɔ eƒe tɔkpo la ƒu anyi le vɔ̃vɔ̃ ta hede afɔ du me yi dadaa gbɔ.

Abe nyagblɔɖila Samuel ene la, Mawu gaƒo nu na ɖevi la.

Le Kwasiɖa ʋeea ɖewo megbe la, eya kpakple eyometɔ ŋutsuvi wonɔ kpeviwo dam. Kasia seselelãme sagaa ɖe va edzi. Eɖe ŋku kpɔ Ohio Tɔsisi dzi ɖoɖa kasia ekpɔ bena wotu ana nyakpɔ aɖe. Ame wuiadẽ ge tso edzi heku le esime wonɔ ana la tum be woatso tɔsisi lae. Emae nye ŋutega gbãtɔ si ɖekakpui nyagblɔɖila la kpɔ. Egblɔe na dadaa, ke eya ŋlɔ ŋutinya la katã daɖi. Ƒe geɖewo megbe la, ame 16 va ge heku esime wonɔ Mɔ Evelia ƒe ana la tum ɖe Ohio Tɔsisi dzi le Louisville, Kentucky.

Aƒetɔ nɔ ŋutegawo ɖem fiae le tsɔme ŋu. Ke abe nyagblɔɖila siwo do ŋgɔ nɛ ene la, ŋutegaawo meda ƒu kpɔ o.