Yohanes 14:12

Vavã, vavã, mele egblɔm na mi bena, Amesi xɔa dzinye sena la, dɔ siwo wɔm mele la eya hã awɔe; eye gãtɔwo wu esiawo woawɔ; elabena meyina fofo la gbɔ.

Marko 16:17-18

Eye dzesi siawo akplɔ amesiwo xɔe se la ɖo; Le nye ŋkɔ me woanyã gbɔgbɔvɔ̃wo ado goe eye woaƒo nu kple aɖe yeyewo;

Woale dawo, eye ne wono nu wuame hã la, mele wo si ge o; woatsɔ woƒe asiwo aɖo dɔlelawo dzi, eye woƒe lãme lasẽ.


Mí katã míate ŋu aʋu Biblia Ƒe axawo akpɔ le eme be Mawu wɔa nukunuwo: Mose mã Ƒu Dzĩ la ɖe eve, Eliya na dɔwuame va, Yesu zɔ tsi dzi, eye nusrɔ̃lawo yɔ dɔ dɔlélawo.

Nudzɔdzɔ wɔnuku akpe nanewo li woŋlɔ̃ ɖe Biblia me. Ne Mawu tsɔ dzesiwo kple nukunuwo ɖi ɖase la, ekema afika Eƒe nukunuawo le egbe? Ɖe Wòagate ŋu ayɔ kansãdɔ abe alesi Wòyɔ anyidɔ le Biblia me va yi enea? Ke Ɖikanaku kple asradɔ ya ɖe? Ɖee Wòagate ŋu awɔ nukunuwoa? Ɛ̃, Mawu gale nukunuwo wɔm eye nenem dzesiawo kplɔ amesiwo xɔe se la ɖo.

Azɔ, kpɔ ɖa xɔ̃nye, bu Fia George si tso Iŋlishiblotsi la ŋu, esime míedo gbe ɖa ɖe eta, eye wòkpɔ dɔyɔyɔ tso tekukudɔ si me. Bu Florence Nightingale, (mamaa enye amesi ɖo Atitsoga Dzĩ anyi), eda abe pɔŋ blaade ƒe kpekpeme ko, ele ƒodo me kansã tsi aba dzi le kudɔ ƒom, hemlɔ̃ afima le kukum. Ahɔnɛ suea ɖe dzo le gbe me afima eye Mawu ƒe Gbɔgbɔ ɖi va hegblɔ bena, “ALE AƑETƆ GBLƆ ESI, anɔ agbe.” Ke fifia la eƒe lãme sẽ nyuie eye eƒe kpekpeme de pɔŋ alafa ɖeka blaatɔ̃ vɔ atɔ̃.

Bu Sewɔƒemenɔla Upshaw ŋuti kpɔ eyama si tsi kekevi kple aba me daɖi ƒe ɖeka ɖeka, blaadẽ vɔ adẽ sɔŋ. Eye enumake le aɖabaƒoƒoa ɖewo megbe ko la etso ɖe eƒe afɔwo dzi hedzɔ ka, ʋu du to agbakawo me le xɔa me, elé eƒe afɔbidewo kpɔ, wogatrɔ dzɔ nyui ɖe nɔnɔme nu blibo.

Bu ame akpe akpe siwo kpɔ dɔyɔyɔ la ŋuti kpɔ. Nukaŋuti míanɔ afisia vaseɖe esi míaku? Mina míawɔ nane kuɖe eŋu.

Xɔe se ne èle dɔ lém alo ne èle hiã me. Biblia gblɔ bena Yesu Kristo nye eyama ke etsɔ, egbe, yiɖe mavɔmavɔ me, eyata ne Ete ŋu wɔ nukunuwo ƒe akpe eve esi va yi la, ekema Agate ŋu awɔe nenema ke egbe. Edo ŋugbe na mí bena, ne míexɔe se ko la, míekpɔ dɔyɔyɔ.

Congressman Upshaw

William D. Upshaw, wɔ dɔ ƒe enyi sɔŋ le Amerika Dukɔƒoƒuwo ƒe Sewɔƒe Dɔwɔƒea, ebia be yeanye kplɔla le 1932 me. Afɔkua ɖe si dzɔ ɖe dzi le agbledede me wɔe be wòzu tekunɔ, ale wòwɔ ƒe 66 sɔŋ nɔ tɔtɔm ɖe atizɔti ŋu alo kekevi me. Le ƒe 1951 me la, ekpɔ dɔyɔyɔ blibo ale wògazɔ azɔli nyuie eƒe agbeŋkeke susɔeawo.

 
Florence Nightingale

Florence Nightingale, si do ƒome abɔ legbe kple dɔyɔla nyɔnu xɔŋkɔa ɖe, elé ƒodo me kansã ɖe dɔgbo nu. Eɖo foto sia ɖa hebia gbedodoɖa zi mlɔetɔ hafi kansãdɔ la nava ɖe eƒe agbe ɖa mlɔeba. Abe alesi míate ŋu akpɔe ene la, eɖo kudo nu keŋ hafi Aƒetɔ Yesu yɔ dɔe le ƒe 1950 me. Woɖe foto evelia le eƒe dɔyɔyɔ kpɔkpɔ megbe heɖoe ɖa abe ɖaseɖiɖi ene bena Mawu gale dɔ yɔm kokoko.


Tris Griffin

Tris Griffin yi ɖe dɔyɔla gbɔ le eƒe dɔwɔƒe le tumevee si wònɔ vɔvɔ̃m na be ŋu anye kansã si yele avu wɔm kple la ƒe metsonu. Woɖe foto eƒe dzi esi ɖe fia be eƒe dzi ƒe “ʋukagã lã”, nusia na be dɔyɔlawo gawɔ dodokpɔ bubuwo eye woɖoe be yewoawɔ dɔ nɛ kpata ne ŋu ke. Fli si to dzi la me le fotoa me la fia kɔtɛ be ka la xɔa abi vevie nusi ahe ku kpata vɛ nɛ godoo nenye etso.

Le ŋufɔke, esi xɔsetɔwo do gbe ɖa ɖe eta vɔ megbe la, dɔyɔlawo ɖoe be yewoawɔ CT scana be woatsɔ de dzesi teƒe si tututu abi la sẽ ɖo hafi awɔ dɔa nɛ. Ke azɔ la, foto la fia be dzi la le nyuie blibo. Dɔkita-amekola la ƒe nu tsi te, eye wògblɔ na Aƒenɔ Griffin bena, “Nyemenya nuka magagblɔ na wò o. Wò ʋukagã lã, gake azɔ la esia ƒe dzesi ɖesiaɖe bu.” Etsɔ foto si woɖe do ŋgɔ na gbedodoɖa la, kple esi woɖe le emegbe la fiae. “Evo be nate ŋu adzo faa, gawu la, kansã ƒe dzesia ɖeke megali o. Ele lãmesẽ me blibo.”

 

le mia me, dɔyɔla ƒe flitete tɔ asi ʋukagã la dzi, Teƒe yibɔ, si le nogoo le fotoa ƒe titina la. Fli ɤi si tso ga eme va yi la enye ka la ƒe abixɔxɔ, alo eƒe “lãlã”, esi bia be woawɔ dɔ nɛ kpata alo ahe ku vɛ nenye be etso. (le dziagbe) Numekuku fotoɖeɖe evelia si woɖe le ŋufɔke. Abi la bu keŋkeŋ eye megatrɔ gbɔ o.

Kpukpuiwo

Psalmowo 103:2-3

Luʋɔnye, kafu YEWOHA, eye megaŋlɔ eƒe nyuiewɔwɔwo katã be o:

Amesi tsɔa wò vodadawo katã kea wò; eye wòdaa gbe le wò dɔléléwo katã ŋu;

Yesaya 53:5

Ke wode abi Eŋu le míaƒe dzidadawo ta, eye wogbãe gudugudu le míaƒe vodadawo ta: míaƒe ŋutifafa ƒe tohehe le edzi; eye eƒe kabiwo wotsɔ yɔ dɔ mí.

Marko 16:17

Eye dzesi siawo akplɔ amesiwo xɔe se la ɖo; Le Nye ŋkɔ la me woanyã gbɔgbɔ vɔ̃wo ado goe; eye woaƒo nu kple aɖe yeyewo;

Luka 17:6

Eye Aƒetɔ la gblɔ bena, Ne xɔse le mia si abe logoku ene la, miagblɔ na gboti sia bena, Ho ɖokuiwò, naɖado ɖe atsiaƒu me; eye aɖo to mi.

Yohanes 14:12

Vavã, vavã, mele egblɔm na mi bena, Amesi xɔa dzinye sena la, dɔ siwo wɔm mele la; eya hã awɔe; eye gãtɔwo wu esiawo wòawɔ; elabena Nye la meyina Fofo la gbɔ.

I Tesalonikatɔwo 1:5

Elabena míaƒe nyanyuie la meva mia gbɔ le nya me ɖeɖeko o, ke boŋ le ŋusẽ, kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe, kpakple; kakaɖedzikpɔkpɔ geɖe me hã ; abe alesi míenya amesi ƒomeviwo míenye le mia dome le mia ta la ene.

Hebritɔwo 2:3-4

Aleke gɔ̃ míawo míele sisi ge, ne míelé be na ale xɔxɔ gã sia o mahã; esia ŋutinya Aƒetɔ la gblɔ gbã, eye amesiwo see la ka ɖe edzi na mí;

Eye Mawu ŋutɔ hã, tsɔ dzesiwo kple nukunuwo, kple nusẽnu bubu ƒomevi geɖewo, kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe nana, le ye ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu la, ɖi ɖase hekpe ɖe wo ŋuti?

Hebritɔwo 13:8

Yesu Kristo nye Eyama ke etsɔ, kple egbe, yi ɖe mavɔmavɔ me.

Yakobo 5:15

Eye xɔse ƒe gbedodoɖa la axɔ dɔléla ma ɖe agbe, eye Aƒetɔ la afɔe ɖe tsitre; eye ne ewɔ nuvɔ̃wo la, woatsɔ wo akee.

I Petro 2:24

Amesi tsɔ míaƒe nuvɔ̃wo daɖe ye ŋutɔ ƒe ŋutilã dzi heyi ɖe atitsoga ŋu, bene mí, amesiwo ku na nuvɔ̃wo la, míanɔ agbe hena dzɔdzɔenyenye: amesi ƒe kabiwo yɔ dɔ mi la.