Yohanes 5:28-29

Esia megawɔ mo yaa na mi o: elabena gaƒoƒo gbɔna, le esime amesiwo katã le yɔdowo me la woase eƒe gbe, eye amesiwo wɔ nu nyuiwo la woado go, hena agbe ƒe tsitretsitsi; ke amesiwo wɔ nu vlowo la, hena ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe tsitretsitsi.


Ŋkeke li gbɔna esi mí katã, eɖanye Kristotɔ alo ame bubu o la, míava kpɔ nusi tututue le dometsovɔ la godo. Biblia do Agbemavɔ ƒe ŋugbe na amea ɖewo, ke na bubuwo la, edo fɔbubu ŋugbe na wo. Tso gbaɖegbe ke la amegbetɔ ɖesiaɖe biana se bena, “Nukae adzɔ ɖe dzinye le nye ku megbe?”

Xoxoxo hafi Biblia nava nɔ anyi ŋutɔ hã be woaxlẽ la, nyagblɔɖila Hiob lé ŋku ɖe dzɔdzɔmea ŋuti. Eƒo nu tso alesi mɔkpɔkpɔ li na ati, ne wolãe eye wòku, ekema tsi ƒe ʋeʋẽ nana be wògadzena eye wògbɔa agbe hetoa alɔ yeye kple atilɔ mumu. Hiob nya bena, abe ati ene la, amegbetɔ, agagbɔ agbe afɔ ɖe tsitre:

Ne ame ku, ɖe wògagbɔa agbea? le nye aʋamenɔɤiwo katã la, manɔ asi ɖeɖe le ŋunye lalam.

Àyɔm, eye matɔ nawò: ne wò asinudɔwɔwɔ ƒe nu le dzrowòm.

Ke azɔ la ele nye afɔɖeɖewo xlẽm: eye meto nye nuvɔ̃ ŋu yi o? (Hiob 14:14-16)

Ɖewohĩ Biblia mele Hiob si wòaxlẽ o, gake enya bena gbeɖeka la Mawu afɔ ye ɖe tsitre ne ameƒomea ƒe Ðela ava.

Oo ɖe woaŋlɔ nye nyawo ɖi! Oo ɖe wòade wo agbalẽ me!

Woatsɔ ganuŋlɔ̃nu aɖe wo ɖe agakpe dzi eye woade wo me kple tsumi.

Ke nyea menyae be nye xɔnametɔ le agbe, eye mlɔe ke la ado ɖe anyigba me:

Eye ne nye ŋutilã vuvu yaʋayaʋa eye nye ŋutilã megali o la, makpɔ Mawu: (Hiob 19:23-26)

Nyagblɔɖila la le nu ƒom tso Yesu Kristo kple Eƒe amewo ƒe tsitretsitsi ŋu. To ɖeɖefia me Hiob nya bena togbɔ be míaƒe ŋutilã ate ŋu anyunyɔ̃ hã la, Yesu agbugbɔ míaƒe ŋutilã ɖo eteƒe. Eye kple mía ŋutɔwo ƒe ŋku la, míakpɔ Eƒe Vava la. Mawutɔwo katã dina ŋutikɔkɔe ŋkeke ma kpɔkpɔ vevie.

Gake la, alesi Mawu li kakaɖedzitɔe la, nenema ke abosam hã li; eye alesi Dziƒo li kakaɖedzitɔe la, dzomavɔʋe hã li. Fexexe la kɔkɔ wu alesi míate ŋu asusui. Apostolo Paulo gblɔ bena, “Nusiwo ŋku mekpɔ kpɔ o, eye to mese kpɔ o, eye meva ame ƒe dzi me kpɔ o la, nusiawo Mawu dzra ɖo na amesiwo lɔ̃nɛ la.” (I Cor. 2:9)

Míaƒe susuwo mate ŋu ase alesi gbegbe Dziƒo ava dzeani la gɔme o, eye nenema ke mate ŋu ase dzomavɔʋe ƒe ŋɔ dzidzi la me o. Yesu gblɔ na mí bena dzomavɔʋe la dziŋɔ̃ ale gbegbe be anyo na mí wu be míalã míaƒe ŋutinu wu esi míayi ɖe teƒe dziŋɔ̃ ma.

Eye ne wò asi ɖia nu wò la, lãe ɖa: enyo na wò bena nayi ɖe agbe la me kple asikpo, wu esi asi eve nanɔe na wò eye nayi ɖe dzomavɔʋe la me, afisi woƒe nyẽ mekuna le o eye dzo la hã metsina le o: (Marko 9:43)

Ekema amekae ayi dziƒo mahã? Eye amekae ayi dzomavɔʋe me mã? Enye nublanuinya, gake Yesu gblɔ bena ame geɖewo mele teƒeɖoɖo si na ge yala la xɔ ge o: Miyi ɖe agbo bii la me: elabena agbo la keke, eye mɔ la le gbadza, si kplɔa amewo yina ɖe tsɔtsrɔ̃ me, eye ame geɖewo nye amesiwo le edzi yina ɖe eme: Elabena agbo la biie, eye mɔ la hã xaxa, si kplɔa amewo yina ɖe agbe la me, eye ame ʋeewo nye amesiwo kpɔnɛ. (Matt 7:13-14)

Yesu gagblɔ bena, “Menye amesiame si le gbɔgblɔm nam bena, Aƒetɔ, Aƒetɔ, ayi ɖe dziƒo fiaɖuƒe la me o; negbe amesi le Fofonye si le dziƒowo la ƒe lɔlɔ̃nu wɔm la koe. Ame geɖewo lagblɔ nam le ŋkeke ma dzi bena, Aƒetɔ, Aƒetɔ, alo menye wò ŋkɔ dzi míegblɔ nya ɖe anyi le o ɖe? eye wò ŋkɔ dzi míenyã gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le o ɖe? eye wò ŋkɔ dzi míewɔ ŋusẽdɔ geɖewo le o ɖe? Ekema nye hã maʋu eme na wo bena, nyemenya mi kpɔ o: mi nu madzɔmadzɔ wɔlawo, mite ɖa le gbɔnye.” (Mat 7:21-23)

Ne ame gblɔ bena yenye Kristotɔ la menye eya ɖeɖe ko ta wòakpɔ ɖeɖe o. Ekema, esia zu biabia le míaƒe susuwo me ƒã bena: Aleke makpɔ Agbemavɔ lae mahã? Yesu na ŋuɖoɖo bɔbɔe mí bena: Vavã, vavã, mele egblɔm na mi bena, Amesi le nye nya la sem, eye wòle amesi dɔm ɖa la dzi xɔm le sesem la, agbe mavɔ le esi, eye mava ʋɔnudɔdrɔ̃ me o; elabena eto ku me yi ɖe agbe la me xoxo. (Yohanes 5:24)

Dzɔgbevɔ̃etɔe la, ame ʋeea ɖewo koe le xexeame egbe siwo lɔ̃na bena yewoawɔ ɤeyiɤi ʋeea ɖewo ŋudɔ atsɔ ase Mawunya le woƒe mavomavo ŋkekeawo me. Eye amesiwo xɔna Nya la dzi sena le esese vɔ megbe la mede ha kura o.

Hame la fiaa mi be mianye ame nyuiwo, abu tame nyuie, megaka aʋatso o, megatafa ame, alo afi fi o, eyako míayi ɖe Dziƒo. Womese esia me bena dzomavɔʋe me ava yɔ fũ kple amesiwo dze abe agbe nyui nɔlawo ene o. Nyateƒe lae nye bena mímayi Dziƒo ɖe míaƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ ta alo ɖe esi míenye hamea ɖe me nɔla ta o. Mɔ ɖeka koe li si yi ɖe Agbe Mavɔ la me, eye esiae nye to Yesu Kristo dzi. Eyama fia mí bena ele be MÍAXƆ Yeƒe Nya dzi ase, esi enye Biblia. Ne mele nenema o la, aleke lawɔ míakpɔ ɖeɖe?

Ne wò ʋɔnudrɔ̃gbe ɖo la, ɖe nase nya sia bena,;Miva, Fofonye ƒe ame yayrawo, minyi fiaɖuƒe si wodzra ɖo ɖi na mi tso xexeame ƒe gɔmeɖoɖoanyi me la ƒe dome, (Matt 25:34) alo ɖe nase bena, Mite ɖa tso gbɔnye, mi amesiwo woƒo fi de, miyi dzo mavɔ, si wodzra ɖo ɖi na abosam kple eƒe dɔlawo la mea? (Matt 25:41)

Le esime wò ŋkuwo gale nya siawo xlẽm la, tiatia aɖe li na wò nawɔ: Ɖee nalɔ̃ atia be yeaxɔ Mawu ƒe Nya la dzi sea?

Afika nanɔ le mavɔmavɔ me?







Kpukpuiwo

Hiob 14:12-16

Ke ne amegbetɔ mlɔ anyi la, megafɔna o: ŋkeke alesi dziƒowo li la, menyɔna o, eye womenyɔnɛ tsoa eƒe alɔ̃dɔdɔa me o.

Oo, ne naxaɤlam ɖe tsiẽƒe, eye nadzram ɖo, vaseɖe esime wò dɔmedzoe nu nafa, naɖo ɤeyiɤi nam, eye naɖo ŋku dzinye emegbe ɖe!

Ne ŋutsu ku la, ɖe wògagbɔa agbea? Le nye aʋamenɔɤiwo katã la, manɔ asi ɖeɖe le ŋunye lalam.

Àyɔm, eye matɔ nawò: ne wò asinudɔwɔwɔ ƒe nu le dzrowòm.

Ke azɔ la ele nye afɔɖeɖewo xlẽm: eye meto nye nuvɔ̃ ŋu yi o?

Hiob 19:23-26

Oo ɖe woaŋlɔ nye nyawo ɖi! Oo ɖe wòade wo agbalẽ me!

Woatsɔ ganuŋlɔ̃nu aɖe wo ɖe agakpe dzi eye woade wo me kple tsumi.

Ke nyea menyae be nye xɔnametɔ le agbe, eye mlɔe ke la ado ɖe anyigba me:

Eye ne nye ŋutilã vuvu yaʋayaʋa eye nye ŋutilã megali o la, makpɔ Mawu.

Mateo 7:21-23

Menye amesiame si le gbɔgblɔm nam bena, Aƒetɔ, Aƒetɔ, ayi ɖe dziƒo fiaɖuƒe la me o; negbe amesi le Fofonye si le dziƒowo la ƒe lɔlɔ̃nu wɔm la koe.

Ame geɖewo lagblɔ nam le ŋkeke ma dzi bena, Aƒetɔ, Aƒetɔ, alo menye wò ŋkɔ dzi míegblɔ nya ɖe anyi le o ɖe?

Eye wò ŋkɔ dzi míenyã gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le o ɖe? Eye wò ŋkɔ dzi míewɔ ŋusẽdɔ geɖewo le o ɖe? Ekema nye hã maʋu eme na wo bena, nyemenya mi kpɔ o: mi nu madzɔmadzɔ wɔlawo, mite ɖa le gbɔnye.

Mateo 22:14

Elabena ame geɖewo nye amesiwo woyɔ, ke ame ʋeewo nye amesiwo wotia.

Yohanes 3:16-17

Elabena ale gbegbe Mawu lɔ̃a xexeame bena wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame si xɔa edzi sena la mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.

Elabena Mawu medɔ Via ɖe xexeame be wòadrɔ̃ ʋɔnu xexeame o; ke boŋ be woaɖe xexeame to eyama dzi.

Yohanes 5:24

Vavã, vavã, mele egblɔm na mi bena, Amesi le nye nya la sem, eye wòle amesi dɔm ɖa la dzi xɔm le sesem la, agbe mavɔ le esi, eye mava ʋɔnudɔdrɔ̃ me o; elabena eto ku me yi ɖe agbe la me xoxo.

I Korintotɔwo 2:9

Ke abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena, Nusiwo ŋku mekpɔ kpɔ o, eye to mese kpɔ o, eye meva ame ƒe dzi me kpɔ o la, nusiawo Mawu dzra ɖo na amesiwo lɔ̃nɛ la.

I Thesalonikatɔwo 4:13-18

Ke nɔviwo, míele didim bena, mianɔ numanyamanya me le amesiwo dɔ alɔ̃ la ŋuti o, bena miagaxa nu, abe ame bubu siwo mɔkpɔkpɔ meli na o la ene o.

Elabena ne miexɔnɛ sena bena Kristo ku eye wògafɔ ɖe tsitre la, nenema ke Mawu ato Yesu Kristo dzi akplɔ amesiwo dɔ alɔ̃ la hã ayi kpakplii.

Elabena míele esia gblɔm na mi le Aƒetɔ la ƒe nyaa ɖe me, bena mí amesiwo susɔ le agbe yiɖase ɖe Aƒetɔ la ƒe vava gbe la míadze ŋgɔ na amesiwo dɔ alɔ̃ la o.

Elabena Aƒetɔ la ŋutɔ atsɔ aʋafiagã ƒe gbeɖeɖe, kple mawudɔla gãtɔ ƒe gbe, kple Mawu ƒe kpẽɖiɖi aɖi tso dziƒo: eye amesiwo ku le Kristo me la woatsi tre gbã:

Emegbe la mí amesiwo susɔ le agbe la woahe mí kpakpli wo siaa le alilikpowo me, aɖakpe aƒetɔ la le ya me: eye ale míanɔ anyi kple Aƒetɔ la ɖaasi.

Eyata mitsɔ nya siawo fa akɔ na mia nɔewo.