Maleaxi 4:1

Elabena, kpɔɖa, ŋkeke si gbɔna, le bibim abe kpodzo ene…


Maleaxi 4:5-6

Kpɔɖa, madɔ nyagbɔɖila Eliya aɖo ɖe mi hafi ne YEHOWA ƒe ŋkeke gã dziŋɔ̃ la nava ɖo:
Ne wòatrɔ fofowo ƒe dziwo ɖe viwo ŋu, eye viwo ƒe dziwo ɖe fofowo ŋu, ne nyemagava atsrɔ̃ anyigba la gbidigbidi o.


Nubabla Xoxoa ƒe Agbalẽ do xexeame tsɔtsrɔ̃ ƒe ŋugbe daɖi. Gake hafi nuwuwu la naɖo la, wogblɔ ɖi be nyagblɔɖila Eliya, atrɔ ava be wòaɖe Mesia afia amewo. Amea ɖewo gblɔna bena Yohanes Amenyrɔ̃la wu nyagblɔɖi sia nu.

Ƒe akpe eve va yi la, Yudatɔwo nɔ Mesia ƒe vava lalam. Wonya bena Maleaxi gblɔ nya ɖi bena amea ɖe si le vava ge amesi dzi Eliya ƒe gbɔgbɔ anɔ la laɖe Mesia afia yewo. Gake esi Yohanes Amenyrɔ̃la va la, mele abe alesi wokpɔ mɔ be Eliya nanɔ la ene o. Esime wobia Yesu bena nukaŋuti Eliya metre vava o mahã la, Eɖo ŋu na wo kɔtɛ bena Yohanes enye nyagblɔɖi ma ƒe nuwuwu: “Eye ne mielɔ̃ be yewoaxɔe la, esiae nye Eliya si ke le vava ge la.”

Ame hatsotso suea ɖe koe xɔ ɖeɖefia sia. Hena subɔsubɔha gbogbo tɔwo ƒe kplɔlawo la, Yohanes menye naneke wu vɔ̃doamela si ʋã ŋu glo ɖe woƒe ɖoɖowɔhawo ŋuti o. Menye ɖe ko womekpɔ Eliya ƒe gbɔgbɔ la dze si o, ke esi gavlo wu lae nye bena, woda Kristo ƒe Vava la hã ƒu.

Ke ɖe Yohanes Amenyrɔ̃la wu Maleaxi ƒe nyagblɔɖi la nua? Menye ye katã o.

Gbãgbiagbã la, xexeame “mebi abe kpodzo ene” haɖe o, ale míenya bena Maleaxi 3 ƒe akpaa ɖe ya susɔ ava va me. Ŋɔŋlɔ̃a ƒe akpa bubu si nu Yohanes mewu o lae nye, “atrɔ viwo ƒe dziwo ɖe fofowo ŋu.” Eye, Yesu, Ŋutɔ, gblɔ ɖi bena Eliya ava (ɤeyiɤi si gbɔna) eye wòaɖɔ nuwo katã ɖo. (Matt 17:11)

Ekema ele be míakpɔ mɔ na Eliya hafi Yesu nava zi Evelia!

Azɔ, le egbe ŋkeke siawo me la, Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe vava evelia ƒe game su. Zi ɖeka ake la, wodo ŋugbe na mí bena Eliyae laɖe Eyama afia mí le Maleaxi 3 ƒe nya nu. Ke ɖe ame hatsotso ka ƒomevie akpɔ Eliya la de dzesi esime wòava? Amesiwo le mɔ kpɔm nɛ la koe.

Mía Aƒetɔ kple Ɖela ƒe nya siawo gava míaƒe susu me esime míele Maleaxi ƒe nyagblɔɖi si kuɖe nuwuwu gaƒoƒo siawo ŋuti la ŋu bum:

Ke Mele egblɔm na mi, Bena Eliya va xoxo, eye womedze sii o... Mateo 17:12

Nukae adzɔ ne míeda Eliya ƒe vava sia ƒu? Ɖe wòanye be míada Kristo ƒe vava Evelia la hã aƒu, abe alesi agbalẽfialawo kple Farisitɔwo da Eƒe Vava Gbãtɔ la ƒu le esime womedze si Yohanes Amenyrɔ̃la la ta o mahã?

 

 

 

 

Kpukpuiwo

II Fiawo 2:15

Esi nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃vi siwo le Yerixo kpɔe le adzɔge la, wogblɔ be, Eliya ƒe gbɔgbɔ le Elisa dzi. Eye woyi ɖakpee, hede ta agu nɛ.

Yesaya 40:3-4

Gbeƒãdelaa ɖe ƒe gbe enye si, Mita mɔ ɖe gbeɖzi na YEHOWA, eye miwɔ mɔwo dzɔdzɔe ɖe gbegbe na Mawu la.

Balimewo katã akɔ kpo, eye to kple togbewo katã anyẽ ɖe eme: kpoƒeewo azu zɔzrɔ̃e, eye kɔwo asɔ kple anyigba: [Yohanes Amenyrɔ̃la]

Maleaxi 3:1

Kpɔɖa, mele nye dɔla dɔ ge ɖa [Yohanes Amenyrɔ̃la], ne wòata mɔ le ŋgɔnye: eye Aƒetɔ, si ta biam miele la, ava eƒe gbedoxɔ me zi ɖeka kpoyi, kpɔɖa, nubabla ƒe dɔla, si dim miele: le vava ge, YEHOWAE gblɔe.

Maleaxi 4:1-6

Elabena, kpɔɖa, ŋkeke si gbɔna la, le bibim abe kpodzo ene [meva me haɖe o]; eye dadalawo katã, kple nu vɔ̃ɖi wɔlawo katã, anɔ abe gbe ƒuƒu ene : ŋkeke si gbɔna la afiã wo, masusɔ ke kple alɔ ɖi na wo o, YEHOWA Zebaot ye gblɔe.

Eye dzɔdzɔenyenye ƒe ɤe si ƒe aʋalawo me xɔxɔ le la adze na mi amesiwo vɔ̃a nye ŋkɔ la; eye miaho adzo, anɔ kpo tim abe nyiviwoe do tso lãkpɔ me ene.

Eye miafanya ame vɔ̃ɖiwo ne woanye dzowɔ anɔ miaƒe afɔƒome le ŋkeke si wɔ ge mala la dzi, YEHOWA Zebaot ye gblɔe.

Miɖo ŋku nye dɔla Mose ƒe se, si mede asi nɛ le Xoreb dzi be wòanye ɖoɖowo kple kɔnuwo na Israel, bliboa la dzi.

Kpɔɖa, madɔ nyagbɔɖila Eliya aɖo ɖe mi hafi ne YEHOWA ƒe ŋkeke gã dziŋɔ̃ la nava ɖo:

Ne wòatrɔ fofowo ƒe dziwo ɖe ɖeviwo ŋu, [Yohanes Amenyrɔ̃la], eye viwo ƒe dziwo ɖe fofowo ŋu [Eliya egbetɔa], ne nyemagava atsrɔ̃ anyigba la gbidigbidi o.

Mateo 11:10

Eyae nye amesi ŋuti, woŋlɔ ɖi le bena, Kpɔɖa, mele ye dɔla dɔm ɖo ɖe ŋgɔwò, amesi adzra wò mɔ la ɖo le ŋgɔwò. [Maleaxi 3:1, Yohanes Amenyrɔ̃la]

Mateo 11:14

Eye ne mielɔ̃ be yewoaxɔe la, esiae nye Eliya si ke le vava ge la, amesi to senu li nɛ la nesee. [Yohanes Amenyrɔ̃la]

Mateo 17:11-12

Ke Yesu ɖo eŋu gblɔ bena, ele me bena, Eliya nava gbãgbiagbã eye wòaɖɔ nuwo katã ɖo. [Eliya egbetɔa]

Ke mele egblɔm na mi, Bena, Eliya va xoxo, eye womedze sii o, ke boŋ wowɔ nusianu si wolɔ̃ la ɖe eŋu. [Yohanes Amenyrɔ̃la] Nenema ke Amegbetɔvi la hã le fu kpe ge atso wo si mee.

Luka 1:17

Eye wòanɔ eŋgɔ le Eliya ƒe gbɔgbɔ kple ŋusẽ me be, wòatrɔ fofowo ƒe dziwo ava ɖeviwo gbɔ, kple to sẽlawo ɖe ame dzɔdzɔewo ƒe nunya me; ne wòadzra dukɔ la ɖo ɖi woasu te na Aƒetɔ la. [Yohanes Amenyrɔ̃la]